Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke migblẽ eƒe takpoea ɖe to me, eye mide gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe ɖe gbe dama me, dziƒo zãmu naƒo, eye eya kple gbemelãwo naɖu anyigba dzi gbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Eƒe aŋugbawo nya kpɔ ŋutɔ, eƒe kutsetsewo sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ eye nuɖuɖu le edzi na ame sia ame. Dziƒoxeviwo nɔ eƒe alɔwo dzi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe kpɔa nuɖuɖu tsoa egbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:12
13 Mawu Ofanana  

Egblẽa tagbɔ na anyigba dzi dukɔwo ƒe tatɔwo, eye wònana wotsaa tsa glãla le gbegbe, si mɔa ɖeke mele o.


Elabena mɔkpɔkpɔ li na ati; ne wolãe la, ekema egadzena yeye, eye eƒe alɔwo nu metsina o.


tsi ƒe ʋeʋẽ nana be, wògadzena, eye wòtoa alɔ abe atilɔ mumu, si woɖo ene.


Míaƒe agbegbɔgbɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la, ge ɖe woƒe ʋe me; eya amesi ŋu míegblɔ le be: Míanɔ agbe le eƒe vɔvɔli te le dukɔwo dome la.


Israel ƒe to kɔkɔ dzi madoe ɖo, adze alɔ, atse ku, eye woazu sederti nyuia ɖe, eye xevi ƒomevi vovovowo katã anɔ ete, eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te woanɔ.


Woawo hã yi amesiwo woda yii la gbɔ le tsieƒe, amesiwo nye eƒe alɔ nɔ eƒe vɔvɔli te le dukɔwo dome.


Esia nyee dzɔlawo ƒe tameɖodo, eye kɔkɔetɔ la ƒe se enye nya sia, ne agbagbeawo nadze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana, eye ate ŋu atsɔ ame tsɛwo ado wo nu.


evɔ wònye eyae nye suetɔ le atikuwo katã dome hafi; gake ne etsi ko la, ezua ati, eye wòƒoa abɔmetiwo katã ta; ale bena dziƒoxeviwo va wɔa atɔ ɖe eme.


Ke le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la amea ɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe Fofo la ko.


eye ne woƒãe la, emiena, eye wòva lolona wua abɔ me tiwo katã, eye wòɖea alɔ gãwo nenem bena, dziƒoxeviwo ate ŋu adze ɖe eƒe vɔvɔli me.


Eɖi logoku, si amea ɖe tso ƒã ɖe eƒe abɔ me, eye wòtsi zu ati, eye dziƒoxeviwo va wɔ atɔ ɖe eƒe siawo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa