Eye fia dada yi aglotuƒe la le fia la kple eƒe amegãwo ƒe nya la ta. Tete fia dada xɔ edzi gblɔ bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Wò tamesusuwo megaɖo ŋɔdzi na wò o, eye wò mo megafu tititi o!
Esi wova doa gbɔ la, edo avisimegbee yɔ Daniel; fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Daniel, wò Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, te ŋu ɖe wò tso dzatawo si mea?
Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.