Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo kple fia ƒe adaŋudelawo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye wode ŋku ɖe ŋutsuawo hekpɔ be, dzo mewɔ naneke ŋuli na wo o, eye woƒe taɖa mefiã o, naneke mewɔ woƒe awuwo o, eye dzo meʋẽ le wo ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 eye amegãwo, anyigbadzinunɔlawo, aʋafiawo kple aɖaŋudelawo va ƒo xlã wo. Wokpɔ be dzo la mewɔ nuvevi aɖeke woƒe ŋutilã o, dzo la mefia woƒe taɖa ɖeka pɛ hã loo alo woƒe awuwo o. Gawu la, dzo la ƒe ʋeʋẽ menɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:27
17 Mawu Ofanana  

Esi wòyi la, ekpɔ eƒe kukua le mɔ dzi, eye tedzia kple dzata la tsi tre ɖe ame kuku la gbɔ; dzata la meɖu ame kuku la o, eye mevuvu tedzi la hã o.


Eyata Yehowa, mia Mawu, ɖe mi tso esi me dzro, ne anyigba dzi tiaɖuƒewo katã nadze sii bena, wò ɖeka koe nye Yehowa Mawu!


Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃,


Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Tete ŋutsuawo bla wo, woƒe agbotɛwo, dziwuiwo kple awu ʋlayawo kpakple avɔwo le wo ŋu, wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me.


Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo, be womewɔ nanekem o, elabena nyemeɖi fɔ le eŋku me o, eye nyemeɖi fɔ le wò fia ŋku me hã o.


Tete tatɔwo kple amegãwo va fia la gbɔ bibibi, eye wogblɔ nɛ bena: Fia Dario nenɔ agbe tegbee!


ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe!


Elabena fia hã nya nusiawo, amesi mele nu ƒom na kple dzideƒo; elabena mexɔe se bena, nusiawo dometɔa ɖeke mele ɣaɣla ɖee o, elabena menye ɣaɣlaƒe wowɔ nusia le o.


Eyata meɖe kuku na mi bena, miatsɔ nu aɖu, elabena esia nyo na miaƒe xɔxɔ: elabena mia dometɔa ɖeke ƒe taɖa ɖeka mabu atso eta o.


wotsi dzo ƒe ŋusẽ nu, wòsi le yi nu, wogazu sesĩe tso gbɔdzɔgbɔdzɔ me, wosẽ ŋu le aʋawɔwɔ me, eye wòsi futɔwo ƒe aʋakɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa