Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:19
26 Mawu Ofanana  

Eye Yakob kpɔ be, Laban megakɔa ŋku me ɖee abe tsã ene o.


Eye esi Haman kpɔ be, Mardoxai mebɔbɔ hede ta agu na ye o la, dzi ku Haman vevie.


Ke fia la tsɔ dziku tsi tre le wein la gbɔ heyi fiasã ƒe abɔ me; eye Haman tsi afima, be yeabia eƒe agbe tso fiasrɔ̃ Ester si, elabena ekpɔ be, fia la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ye ŋu kplikpaa.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Fia ƒe dziku enye ku ƒe dɔla; ke nunyala faa dzi nɛ.


Dadala kple adegbeƒola, si wɔa nu tovo vivivo la, woyɔna be fewuɖula.


matsɔe ade asi na amesiwo wo funyafunya wò, amesiwo gblɔ na wò be: Bɔbɔ, ne míato dziwò ayi, wo wò mẽdome wòasɔ kple anyigba, eye wòanɔ, abe alesi mo le na edzitolawo ene.


Tete dzi ku fia la, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔ hede se be, woawu Babel-nunyalawo katã.


Enumake Nehukadnezar ɖe se le dɔmedzoe kple dziku me be, woaɖakplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego vɛ; eye wokplɔ ŋutsu siawo vɛ na fia la.


Eye wòɖe se na ŋutsu sesẽ, siwo le eƒe aʋakɔa me la be, woabla Sadrax, Mesax kple Abed-Nego atsɔ aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me.


fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.


Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye wòɖe se be, woaɖe Daniel le do la me. Eye woɖe Daniel le ɖo la me, ke naneke mewɔe o, elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋu.


Ne nusiawo va tso, hafi miegaɖo tom o la, ekema mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Gake ne miaƒe nuwɔwɔwo gatsi tre ɖe ŋunye ko, eye miegbe toɖoɖom la, ekema magaɖe fu na mi de dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


ekema nye hã matsi tre ɖe mia ŋu, eye magaɖe fu na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


ekema nye hã mado dɔmedzoe atsi tre ɖe mia ŋu, eye mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Eye esi wose esia la, eku dzi na wo ŋutɔ, eye woɖo be, yewoawu wo!


Tete la esi wose nya siawo la, eɖu dzi na wo, eye woɖu aɖukli ɖe eŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa