Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye mlaɖo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ke ne maɖe mí o hã la, míedi be nànya, O fia, be míasubɔ wò mawuwo loo alo ade ta agu na sikalegba si nèli la o.”

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:18
20 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu bena: Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi, ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa.


Eve makpɔtɔ ame akpe adre ɖi le Israel, amesiwo katã medze klo na Baal o kple amesiwo katã megbugbɔ nu nɛ o.


Kpɔ ɖa, ele wu ye ge tsã, eya ko sinu kpɔm mele; ke ɖeko mebe, maʋu go nye zɔzɔme ɖe ŋku me nɛ,


Amea ɖeke menyãa ame vɔ̃ɖiwo ɖe nu, hafi wosina o; ke ame dzɔdzɔewo ɖea dzi ɖi abe dzatavi ene.


Tete Nehukadnezar xɔ edzi gblɔ bena: Woakafu Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu la, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòade eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu, wo amesiwo da fia ƒe nya dzi, eye wotsɔ wo ɖokui na, be yewomagasuhɔ mawu bubua ɖeke alo aɖo gbe ɖa nɛ akpe ɖe yewoƒe Mawu la ŋu o.


Migayi legbawo gbɔ o, eye migakɔ mawuwo na mia ɖokui o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Amesi ke ɖe eƒe agbe la, eya labui; eye amesi ke bu eƒe agbe le tanye la, eya lakpɔe.


Ke exɔ edzi gblɔ na wo bena: Fiẽsi la miegblɔna bena: Xexeme le kɔkɔ ge; elabena dziƒo bia.


Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ!


elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi via ɖe ko me,


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa