Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eyata miɖɔ ɖo! Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, seŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ekema miadze klo ado gbe ɖa na legba, si mewɔ la; ke ne mieɖo gbe ɖa nɛ o le ekema woatsɔ nu aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake. Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Azɔ la, ne miese lãdzokpẽwo, gakasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe kpẽwo kple hadzidzi ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖiɖi eye miele klalo be yeawoatsyɔ mo anyi ade ta agu na sikalegba si meli la, ekema anyo ŋutɔ gake ne miede ta agu nɛ o la, woada mi ɖe kpodzo bibi la me enumake. Ekema mawu ka ate ŋu aɖe mi tso nye asi me?”

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:15
25 Mawu Ofanana  

Ɖe anyigbawo ƒe mawuwo katã dometɔa ɖe ɖe eƒe anyigba tso asinye me, ne Yehowa naɖe Yerusalem atso asinye mea?


Meɖe kuku, tso woƒe nuvɔ̃wo ke wo, ne menye nenem o la, ekema ɖeko natutu nye hã nye ŋkɔ ɖa le agbalẽ, si nèŋlɔ la me.


Farao ɖo ŋu bena: Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti wòayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o!


Ameka nedo vloe, eye ameka ŋu nèɖe alɔme le? Ameka ta nèdo ɣli ɖo, eye ameka ŋu nèwu wó ŋkuwò dzi ɖo? De Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu loo!


Tete fia la gblɔ na Daniel bena; Nyateƒee, miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo defiala; elabena èle ŋu ɖe nya ɣaɣla sia fia.


Ke ne mieli drɔ̃e la nam o la, ekema afiatsotso ɖeka koe le mia ŋu; elabena de mieɖo gbe ɖi, be miagblɔ alakpanyawo kple nya gbegblẽwo le ŋkunye me, vaseɖe esime ɣeyiɣi la nu nayi. Eyata mili drɔ̃e la nam, ekema madza sii be, miate ŋu aɖe egɔme hã nam.


Kpɔ ɖa, mía Mawu, si subɔm míele la, me ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mi tso wò fia si me.


Tete ŋutsu mawo va fia la gbɔ bibibi gblɔ na fia la bena: Fia, nyae be, se wònye na Mediatɔwo kple Persiatɔwo be, se sia se kple ɖoɖo sia ɖoɖo, si dzi fia ɖo kpee la, tɔtrɔ megale eŋu o.


Eye fia la fɔ ŋdi kanya, esime agu dze, eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ.


Eye ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge míala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge míala la mi.


Eɖo dzi ɖe Mawu ŋuti; eya naɖee azɔ, ne elɔ̃nɛ, elabena egblɔ be, Mawuvi yenye.


Eye ne wokplɔ mi de asi la, migatsi dzimaɖi da ɖi ɖe nusi gblɔ ge miala ŋuti o; ke boŋ nusi woana mi le gaƒoƒo ma dzi la, eya miagblɔ; elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae.


Eye ne wokplɔ mi yi ɖe ƒuƒoƒewo kple dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ƒe ŋku me la, migatsi dzimaɖi be, aleke miawɔ alo nuka tsɔ ge míala aɖe mia ɖokui nu alo agblɔ o;


ɖewohĩ ava tse ku; ke ne mele nenema o la, nalãe aƒu anyi.


Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ!


Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.


Eye amesiwo katã bɔbɔ nɔ ʋɔnua la, esi wòlé ŋku ɖe edzi gã la, wokpɔ eƒe mo abe mawudɔlaa ɖe ƒe mo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa