Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke ne mieli drɔ̃e la nam o la, ekema afiatsotso ɖeka koe le mia ŋu; elabena de mieɖo gbe ɖi, be miagblɔ alakpanyawo kple nya gbegblẽwo le ŋkunye me, vaseɖe esime ɣeyiɣi la nu nayi. Eyata mili drɔ̃e la nam, ekema madza sii be, miate ŋu aɖe egɔme hã nam.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, tohehe ɖeka pɛ koe li na mi. Mieɖo ta me ɖeka be yewoagblɔ nya tramawo kple nya tso nu vɔ̃ɖiwo ŋuti kple mɔkpɔkpɔ be nuwo atrɔ, eya ta azɔ la, milĩ drɔ̃e la nam, ekema manya be miate ŋu aɖe egɔme nam.”

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:9
17 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me Egblɔ bena: Àte ŋu aflui, heyi ɖawɔ nenema.


Tete Israel-fia ƒo nyagblɔɖilawo nu ƒu, wole ame alafa ene, eye wògblɔ na wo bena: Maho yi aʋa le Ramot le Gilead loo, alo matasia? Woɖo ŋu bena: Ho yi, Aƒetɔ la atsɔe ade asi na fia la.


Fia ƒe dɔlawo katã kple fia ƒe anyigbawo dzitɔwo nyae bena, ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe yi fia gbɔ le xɔxɔnu emetɔ, eye womeyɔe hafi o la, se ɖeka koe li, be woawui, negbe amesi ke fia la do sikafiatikplo ɖo la, eya koe tsia agbe; ke womeyɔm, be mayi fia la gbɔ o ŋkeke blaetɔ̃ enye si.


Nyateƒenuyi anɔ anyi tegbee; ke alakpaɖe anɔ anyi aɖabaƒoƒo ɖeka ko.


Migblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la, ne miadze sii be, mawuwo míenye; miwɔ nyuie alo vɔ̃a ɖe, ekema míaƒe nu aku, eye mí katã míakpɔe kple ŋku.


Eya, amesi gblẽa nu kpoloe ƒolawo ƒe dzesi me, eye wòdoa bometsila afakalawo; eya, amesi nana nunyalawo gbugbɔna, eye wòdoa lã woƒe nunya;


Wò amevi, trɔ ŋgɔ dze wò dukɔ ƒe nyɔnuvi, siwo le nya gblɔm ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe dzi me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu,


Mieɖo gum le nye dukɔ la ŋku me le lu asiʋlo ɖeka kple abolo alɔgomedede ɖeka ta, be miawu luʋɔ, siwo medze ku o, eye miaxɔ luʋɔ, siwo dze ku la, ɖe agbe, esime mieka aʋatso na nye dukɔ, si lɔ̃a aʋatsonya sese la.


Nu dzodzroa kpɔm wole, eye alakpanya gblɔm wole ɖi; wo, amesiwo le gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbe enye si,“ evɔ wònye Yehowa medɔ wo o hafi, eye wole mɔ kpɔm be, nya la ava me.


Eye Daniel yi fia la gbɔ ɖaɖe kuku nɛ be, woana azã ye, ne yeaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la.


Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo;


Fia la xɔ edzi gblɔ bena: Medze sii keŋ be, ɣeyiɣi ko dim miele, elabena miekpɔ be, meɖo tame kplikpaa.


Eyata miɖɔ ɖo! Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, seŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ekema miadze klo ado gbe ɖa na legba, si mewɔ la; ke ne mieɖo gbe ɖa nɛ o le ekema woatsɔ nu aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake. Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me?


Peres: Woamã wò fiaɖuƒe la atsɔ na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.


Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã.


Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa