Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

49 Eye Daniel ɖe kuku na fia la wòtsɔ Babel-nyigba ƒe dziɖuɖudɔwo de asi na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego. Ke Daniel ŋutɔ ya nɔ fiaƒe me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

49 Hekpe ɖe esia ŋu la, le Daniel ƒe kokoƒoƒo nu la, ewɔ Sadrak, Mesak kple Abednego Babilonianyigba la ƒe dziɖuɖudɔwo dzi kpɔlawoe. Ke Daniel ŋutɔ nɔ fia la ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:49
12 Mawu Ofanana  

Esi woƒo ɖetugbiwo nu ƒu zi evelia la, Mardoxai bɔbɔ nɔ fia ƒe agbo nu.


Le ɣemaɣi, esi Mardoxai bɔbɔ nɔ fia ƒe agbo nu la, fia ƒe aƒe dzikpɔla eve, Bigtan kple Teres, amesiwo tso, agbonudzɔlawo dome la, do dɔmedzoe, eye wodi be, yewoawu fia Axasweros.


Fia ƒe ɖɔla, siwo katã le fia ƒe agbo me la, bɔbɔna dea la agu na Haman, elabena alea fia la de se le, eŋu; ke Mardoxai mebɔnɔna nɛ o, eye mede ta agu hã o.


Ne ame dzɔdzɔewo le aseye tsom la, atsyɔ̃ɖoɖo teƒe mekɔna o; ke ne ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ de dzi la, amewo kpɔkpɔ nyea dɔ.


Eye Babel-fia ƒe amegãwo katã va bɔbɔ nɔ agbo dometɔ nu; Nergal-Sarezer, Samgar-Nebo, Sarsexim, amesi nye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, kple Nergal-Sarezer, amesi nye trɔ̃nuawo ƒe amegã, hekpe ɖe Babel-fia ƒe amegãwo katã ŋu.


Eye Mawu na nunya kple gɔmesese ŋutsuvi ene siawo le nuŋɔŋlɔ vovovowo kple nunya gome; ke Daniel ya nya ŋutegawo katã kple drɔ̃ewo gɔme.


Eye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã tsɔ ŋkɔ na wo; Daniel tɔe nye Beltsazar, Xananya tɔe nye Sadrax, Misael tɔe nye Mesax, eye Azarya tɔe nye Aded-Nego.


Emegbe Daniel yi aƒe me, eye wòto nya la na eƒe hatiwo Xananya, Misael kple Azarya;


Eye fia Nehukadnezar wɔ sikalegba wòkɔ abɔklugui blaade, eye wòkeke abɔklugui ade; eye wòtsɔe li anyi ɖe Dura-bali la me le Babel-nyigba dzi.


Eye Dario kpɔ be, enye, ne yeaɖo amegã alafa ɖeka kple blave fiaɖuƒe la nu, amesiwo anɔ fiaɖuƒe blibo la me.


Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui, eye mifɔ nya dzɔdzɔe ɖe tsitrenu le ʋɔnu, amea ɖe menya nu o Yehowa, Mawu Zebaot, ave Yosef ƒe ame mamleawo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa