Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 Tete fia Nehukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu ɖe Daniel ŋku me, eye wòɖe se be, woasa va, eye woado dzudzɔ ʋeʋèe nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

46 Tete Nebukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu na Daniel eye wòɖe gbe be woasa vɔ eye woado dzudzɔ ʋeʋĩ na Daniel.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:46
12 Mawu Ofanana  

ne woado dzodzo ʋeʋẽe na dziƒo Mawu la, eye woado gbe ɖa de fia la kple viawo ƒe agbe ta.


Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, miadze klo ado gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la!


Eyata esi dukɔwo katã, anyigbɔ dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo nya se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo kple saŋkuwo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, wo katã wodze klo hedo gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la.


Eva afisi metsi tre ɖo, eye esi wova la, dzidzi ƒom metsyɔ mo anyi. Tete wògblɔ nam bena: Amevi, ƒu to anyi, ŋutega sia la, nuwuɣi ŋu wòle ɖo.


Magbã miaƒe duwo woazu glikpo, eye mana miaƒe teƒe kɔkɔewo nazu aƒedo, eye miaƒe numemewo magaʋẽ ɖem lilili o.


eye wòdze klo tsyɔ mo anyi de eƒe afɔ nu hele akpe dam nɛ; eye eya la Samariatɔ wònye.


Eye wòva me bena, esi Petro le eme yim la, Kornelio va kpee, eye wòdze klo ɖe eƒe afɔ nu hede ta agu ne.


Tete la Yupiter, si le dua xa la, ƒe nunɔla tsɔ nyitsu kple seƒoƒotsihewo va agboa nu, eye wòle ɖidim bena, ye kple amehawo yewoasa vɔ.


Ke woawo le mɔ kpɔm nɛ bena, ate alo adze anyi aku enumake; eye esi wolala ʋuu, eye wokpɔ bena, naneke mewɔe o la, wotrɔ woƒe tamesusu hegblɔ be, mawua ɖee.


Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu


Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.


Eye nye Yohanes ye nye amesi se nusiawo, eye mekpɔ wo. Eye esi mese wo, eye mekpɔ wo la, medze klo, be made ta agu ɖe mawudɔla, si ɖe nusiawo fiam la, ƒe afɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa