Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

44 “Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:44
38 Mawu Ofanana  

Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Eya natu xɔ na nye ŋkɔ, eye maɖo eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui te dzi ɖaa.


Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.


Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ dzidzimewo katã me.


Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi.


Woanɔ anyigba, si dzi wo fofowo no, eye metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi, woawo kple wo viwo kpakple wo viwo ƒe viwo ana edzi tegbee, eye nye dɔla Dawid anye amegã ɖe wò nu tegbee.


Ke Mawua ɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe la fia fia Nehukadnezar. Wò drɔ̃ekuku kple ŋutega, si va ta me na wò le wò aba dzi la, enye si;


Eye esi néle ekpɔm la, kpea ɖe, si menye ame ƒe asie ɖae o la, ge va dze legbɔ la ƒe afɔ, si nye gayibɔ kple tsu la dzi, eye wògbae guduguɖu.


Ale gayibɔ kple tsu, akɔbli, klosalo kple sika wogbã gudugudu, eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene, ya kplɔ wo dzoe, eye womegakpɔ wo teƒe o; ke kpe, si dze legbaa dzi la, zu to gãa de hexɔ anyigba blibo la dzi.


Wò fia, si nye etiɔwo ƒe fia, amesi dziƒo ƒe Mawu la tsɔ fiaɖuɖu, ŋusẽ, kamesesẽ kple bubu na,


Eye alesi nèkpɔ gayibɔ kple tsu wotsaka la, nenema woatsaka kple amegbetɔwo ƒe ƒomeawo, ke womalé ɖe wo nɔewo ŋu o, abe alesi gayibɔ kple tsu menye tsakana o ene.


Eye mede se be, woakplɔ Babel-nunyalawo katã vɛ nam, ne woaɖe drɔ̃e la gɔme nam.


Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.


Emegbe fia Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi bena: Eme nenyo na mi!


Nyee de se be, Daniel ƒe Mawu nadzi ŋɔ, eye woavɔ̃e le nye dziɖuɖu ƒe fiaɖuƒe blibo la me, elabena Mawu gbagbe wònye, eye wòli tegbee, eƒe fiaɖuƒe nu meyina o, eye eƒe dziɖuɖu li vaseɖe nuwuwu.


Woatsɔ fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te ana dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ: eƒe fiaɖuƒe anye fiaɖuƒe mavɔ, eye dziɖulawo katã àsubɔe ahaɖo toe.


Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.


Mana abutɔlawo nazu ame susɔeawo, eye amesiwo wonyã yi didiƒee, nazu dukɔ sesẽ, eye Yehowa aɖu fia ɖe wo nu le Zion-to la dzi tso fifia ɖaseɖe mavɔ me.


mamũ fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye miatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo, mamũ tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye amesiame atsi ehavi ƒe yi nu.


maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matso ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Tete ameha la xɔ edzi nɛ bena: Miawo la miese le se la me bena, Kristo anɔ anyi vaseɖe mavɔmavɔ me, eye wò la, aleke gblɔm nèle bena, ele be, wòakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi mahã? Amekae nye nenem Amegbetɔvi sia?


Eyata esi míexɔ fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina míada akpedada, si me miato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evovo ŋuti.


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


eye wòakplɔ wo kple gatikplɔ, eye woagbã wo gudugudu abe zemela ƒe zewo ene, abe alesi nye hã mekpɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa