Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Esi nékpɔ be, afɔwo kple afɔbideawo ƒe akpaa ɖewo nye tsu, eye akpaa ɖewo nye gayibɔ la, nenema fiaɖuƒe la amãe; gayibɔ ƒe sesẽ anɔ eme, elabena ékpɔ gayibɔ kple tsu wotsaka.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

41 Abe ale si nèkpɔe be wowɔ afɔwo kple afɔbidɛwo ƒe akpa aɖewo kple tsu kple gayibɔ ene la, nenemae fiaɖuƒe sia amae, ke gayibɔ ƒe ŋusẽ aɖe anɔ eme abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene. Ale fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asẽ eye akpa aɖe masẽ o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:41
8 Mawu Ofanana  

Fieɖuƒe enelia asesẽ abe gayibɔ ene, elabena gayibɔ ƒoa nuwo katã, eye wògbãa wo gudugudu; alesi gayibɔ gbãa nui la, nenema wòaƒo ekemeawo katã, eye wòagbã wo gudugudui.


Alesi afɔbideawo ƒe akpaa ɖewo nye gayibɔ, eye akpaa ɖewo nye tsu la: nenema fiaɖuƒe la ƒe akpaa ɖe asesẽ, eye akpaa ɖe masesẽ o.


Dzo ewoawo gɔme enye si: Fia ewo adzɔ le fiaɖuƒe ma me, eye bubu adzɔ ɖe wo yome ato vovo atso gbãtɔwo gbɔ, eye wòabɔbɔ fia etɔ̃ ɖe anyi.


Emegbe mekpɔ lã enelia le ŋutega me le zã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ, eto gaɖu kakowo, eɖu nu gbã nu, eye wòtanya mamlea kple afɔ, eto vovo tso lã, siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ, eye wòto dzo ewo.


Eye wokpɔ dzesi bubua ɖe le dziƒo, eye kpɔ ɖa, ʋɔ driba dzi gãa ɖe, si ta adre kple dzo ewo li na, eye fiakuku adre le eƒe tawo.


Eye metsi tre ɖe ƒutake la dzi, eye mekpɔ lãa ɖe le ɖoɖom tso atsiaƒu me, eye dzo ewo kple ta adre li nɛ, eye fiakuku ewo le eƒe dzoawo dzi, eye busuŋkɔwo le eƒe tawo ŋu.


Eye dzo ewo, si nekpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa