Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Fieɖuƒe enelia asesẽ abe gayibɔ ene, elabena gayibɔ ƒoa nuwo katã, eye wògbãa wo gudugudu; alesi gayibɔ gbãa nui la, nenema wòaƒo ekemeawo katã, eye wòagbã wo gudugudui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

40 Le nuwuwu la, fiaɖuƒe enelia ava, si asẽ abe gayibɔ ene elabena gayibɔ gbãa nu sia nu eye abe ale si gayibɔ gbãa nu sia nu gudugudu ene la, nenemae wòagbã fiaɖuƒe bubuawoe.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:40
12 Mawu Ofanana  

Edze dzinye le ahom me, eye wòdzi nye abiwo ɖe dzi naneke mawɔmawɔe.


Ɖe gayibɔ aŋe gayibɔ kple akɔbli, siwo tso anyiehea?


eƒe ata wo nye gɔyibɔ, eƒe afɔwo ƒe akpaa ɖewo nye gayibɔ, eye akpaa ɖewo nye tsu.


Ke fiaɖuƒe bubu ava ɖe yowòme, si anɔ ʋee wu tɔwò; emegbe fiaɖuƒe etɔ̃lia ava, si nye akɔblitɔ, eye wòaɖu anyigba blibo la dzi.


Esi nékpɔ be, afɔwo kple afɔbideawo ƒe akpaa ɖewo nye tsu, eye akpaa ɖewo nye gayibɔ la, nenema fiaɖuƒe la amãe; gayibɔ ƒe sesẽ anɔ eme, elabena ékpɔ gayibɔ kple tsu wotsaka.


Emegbe mekpɔ lã enelia le ŋutega me le zã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ, eto gaɖu kakowo, eɖu nu gbã nu, eye wòtanya mamlea kple afɔ, eto vovo tso lã, siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ, eye wòto dzo ewo.


Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, agblẽ nu eteƒe makɔ o, eye eƒe nuwɔwɔ adze edzi nɛ, eye wòatsrɔ ame geɖewo kple ame kɔkɔewo ƒe dukɔ la.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Damasko ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ etɔ̃ kple eneawo ta la, nyematsɔe akee o; elabena emli galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.


Ne miena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ miaƒe anyigba kple miaƒe dukɔ le mia si.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa