Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Ke fiaɖuƒe bubu ava ɖe yowòme, si anɔ ʋee wu tɔwò; emegbe fiaɖuƒe etɔ̃lia ava, si nye akɔblitɔ, eye wòaɖu anyigba blibo la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 “Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:39
14 Mawu Ofanana  

eya, amesi gblɔ na Kores be: Nye lãkplɔvi nenye! Eyae awɔ nye ɖiɖiwo katã ade goe, eye wòagblɔ na Yerusalem be, woatsoe, eye na gbedoxɔ be, woaɖo egɔme anyi!


Tete wògblɔ bena: Enye nusi ta meva gbɔwò doa? Azɔ magbugbɔ aɖawɔ ana kple Persia-amegã, eye ne medze la, ekema Hela-amegã le vava ge.


Legba sia ƒe la nye sika nyuitɔ, eƒe akɔta kple eƒe abɔwo nye klosalo, eye eƒe ƒodo kple ali nye akɔbli;


wò amesi wòtsɔ nu gbagbewo katã, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxewo de asi na, eye wòtsɔ wò ɖo aƒetɔ ɖe wo katã nu la, wòe nye sika ta la.


Fieɖuƒe enelia asesẽ abe gayibɔ ene, elabena gayibɔ ƒoa nuwo katã, eye wògbãa wo gudugudu; alesi gayibɔ gbãa nui la, nenema wòaƒo ekemeawo katã, eye wòagbã wo gudugudui.


Ale wògblɔ esi: Lã enelia le fiaɖuƒe enelia nye ge le anyigba dzi, eye wòato vovo tso fiaɖuƒewo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la, eye wòafanyae ahagbãe gudugudu.


Agbo dzoevee, si nèkpɔ la, enye Media-kple Persia-fiawo.


Gbɔ̃tsu la nye Hela-nyigba ƒe fia, eye dzo ga, si le ŋugbladome nɛ la, enye fia gbãtɔ.


sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia ŋu, eye sɔ ŋɔŋɔe hẽwo le taslaɖam enelia ŋu.


Tasiaɖam, siwo ŋu sɔ yibɔwo le la, ho ɖo ta anyiehe, eye ɣiawo kplɔ wo ɖo; ke ŋɔŋɔeawo ho ɖo ta dziehe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa