Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Ale gayibɔ kple tsu, akɔbli, klosalo kple sika wogbã gudugudu, eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene, ya kplɔ wo dzoe, eye womegakpɔ wo teƒe o; ke kpe, si dze legbaa dzi la, zu to gãa de hexɔ anyigba blibo la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Tete gayibɔ la, tsu la, akɔbli la, klosalo la kple sika la gbã gudugudu le ɣeyiɣi ɖeka ma me eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene. Ya ƒo wo dzoe eye wo teƒe megadze o. Ke kpe si dze legba la, trɔ zu to gã aɖe eye wòxɔ anyigba blibo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:35
28 Mawu Ofanana  

Ɣeyiɣi, si dzo ɖo wo me la, womiena, eye ne ŋdɔkutsu nu la, wohuna le wo teƒe.


Elabena ne ya ƒo to edzi la, meganɔa anyi o, eye eteƒe megadzea sii o.


Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; amesiwo biaa Yehowa ta sena la, nekafui! Agbe neɖo miaƒe dzi ŋu tegbee!


Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eleƒe la, màgakpɔe o.


Mete eŋu yi, eye kpɔ ɖa, megali o; medii, eye nyemekpɔe o.


Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba,


Anyigbawo katã ade ta agu na wò, eye woadzi kafukafuha na wò, woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ. Sela.


Aƒetɔ, dukɔ, siwo katã nèwɔ la, ava de ta agu na wò, eye woade bubu wò ŋkɔ ŋu.


Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa xa anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.


Mi dukɔwo, midze agbo, eye dzi neɖe le mia ƒo; mi amesiwo katã le didiƒe le anyigba dzi la, miƒu to anyi! Mibla ali dzi, eye dzi neɖe le mia ƒo, ẽ, mibla ali dzi, eye dzi neɖe le mia ƒo!


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Eyata woanɔ abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene, abe tsro, si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, kple dzudzɔ, si toa fesre nu ene.


Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.


Ɣemaɣi la matsɔ Yerusalem awɔ kpegbae na dukɔwo katã; amesiwo katã be, yewoakɔe la, woade abi wo ɖokui ŋu, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo takpli de eŋu.


Elabena ele ne be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te.


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o.


Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa