Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Daniel do ŋn na fia la gblɔ bena; Nya ɣaɣla, si dim fia le la, nunyalawo, hokɔnɔwo, dzotɔwo kple dzinuvi me nyalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Daniel ɖo eŋu be, “Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:27
12 Mawu Ofanana  

Woɖo eŋu nɛ bena: Míeku drɔ̃e, gake amesi aɖe egɔme, meli o. Tete Yosef gblɔ na wo bena: Alo drɔ̃e gɔmeɖeɖe la menye Mawu fɔe oa? Gake milii nam ko!


Le ŋdi la Farao mekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o, eye wòdo woyi ɖayɔ Egipte-fakalawo kple nunyalawo va ƒo ƒu, eye Farao li drɔ̃eawo na wo; ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme na Farao o.


Maɖe gbɔgbɔ le Egipte me keŋkeŋ, eye magblẽ eƒe tameɖoɖo me, eye woabia nu legbawo, dzotɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo.


Eya, amesi gblẽa nu kpoloe ƒolawo ƒe dzesi me, eye wòdoa bometsila afakalawo; eya, amesi nana nunyalawo gbugbɔna, eye wòdoa lã woƒe nunya;


Dukɔwo ƒe fia, amekae mavɔ̃ wò o ma? Elabena wòe wòdze; elabena amea ɖeke mele dukɔwo ƒe nunyalawo katã kple woƒe fiaɖuƒewo katã dome, si le abe wò ene o.


Eye nya sia nya, si fia la bia wo le nunya kple gɔmesese gome la, ekpɔ be, woƒo eƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe dzotɔwo kple bokɔnɔwo katã ta zi gbɔ zi ewo.


Tete fia la de se be, woayɔ dzotɔwo kple bokɔnɔwo, gbesalawo kple Kaldeatɔwo vɛ, ne woaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la; eye wova hetsi tre ɖe fia la ŋku me.


Ŋutega, si mekpɔ le nye aba dzi, enye si: Mede ŋku anyi, eye kpɔ da, atia de le anyigba titina, si kɔ ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa