Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo Eyae ɖoa fiawo eye wòtua fiawo. Eyae naa nunya nunyalawo Eye wònaa gɔmesese nugɔmeselawo

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:21
40 Mawu Ofanana  

Eye xexeame katã ɖi Salomo ƒe ŋku me, be yeakpɔ, eye yease eƒe nunya, si Mawu de dzi me nɛ la.


Esi Israel blibo la se ʋɔnu, si fia la drɔ̃ la, wode asi fia la vɔvɔ̃ me; elabena wokpɔ be, Mawu ƒe nunya le eme hena ʋɔnudɔdrɔ̃.


Yehowa ana gɔmesese kple nunya wò, eye woaɖo wò Israel nu, ne na é Yehowa, wò Mawu ƒe se la me ɖe asi.


hekpe ɖe eƒe dziɖuɖuwo katã, eƒe nu tsu wɔwɔwo kple nya, siwo dzɔ ɖe eya ŋutɔ kple Israel kpakple anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi la ŋuti.


Eye fia la bia gbe, amesiwo nya ɣeyiɣi me la se be: — elabena alea fia la tsɔa eƒe nyawo ɖoa amesiwo nya seawo katã kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me la ŋku mee.


Edea fiawo ƒe dzizizi ɖa, eye wòdoa ka ali na wo.


eye metsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ, si fia nunya, gɔmesese, sidzedze kple aɖaŋu vovovowo wɔwɔ la, de eme fũ,


Kpɔ ɖa, metsɔ Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me, kpe ɖe eŋuti, eye metsɔ nunya de amesiwo katã ƒe dzime nunya le la, ƒe tame, bena woawɔ nusiwo katã ƒe se meɖe na wò la:


Eye Mawu na nunya kple gɔmesese ŋutsuvi ene siawo le nuŋɔŋlɔ vovovowo kple nunya gome; ke Daniel ya nya ŋutegawo katã kple drɔ̃ewo gɔme.


Le Persia-fia Kores ƒe ƒe etɔ̃lia me la woɖe nyaa ɖe fia Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar; nya la nye nyateƒe kple nuxaxa gã; elé nya la ɖe ta me, eye wole ŋku ɖe ŋutega la ŋu.


Le ƒea ɖewo megbe la woaɖu dzo kple wo nɔewo, eye dziehefia ƒe vinyɔnu ayi anyiebefia gbɔ, ne wòaɖe ŋutifafa aƒe; ke ŋusẽ manɔ eƒe alɔ ŋu o, eye eya kple eƒe alɔ mali ke o, ke boŋ woatsɔ eya kple amesiwo kplɔe ɖo, kple edzila kpakple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃ aɖe asi le ɣemaɣi.


Eye Daniel xɔ edzi gblɔ bena; Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, elabena etɔe nye nunya kple ŋusẽ.


Fofonyewo ƒe Mawu, meɖa akpe na wo, eye mekafu wo, be nẽna nunya kple ŋusẽm, eye néɖe nusi míebia wò la fiam; elabena fia ƒe nyae nèɖe fia mí!


Ke ne mieli drɔ̃e la nam o la, ekema afiatsotso ɖeka koe le mia ŋu; elabena de mieɖo gbe ɖi, be miagblɔ alakpanyawo kple nya gbegblẽwo le ŋkunye me, vaseɖe esime ɣeyiɣi la nu nayi. Eyata mili drɔ̃e la nam, ekema madza sii be, miate ŋu aɖe egɔme hã nam.


Esia nyee dzɔlawo ƒe tameɖodo, eye kɔkɔetɔ la ƒe se enye nya sia, ne agbagbeawo nadze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana, eye ate ŋu atsɔ ame tsɛwo ado wo nu.


Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi,


Woanyã wò da la emegbetɔwo dome, eye ànɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, eye woana dziƒo zãmu naƒo wò, vaseɖe esime azã adre nu nayi na wò, ne nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana.


Anyigbadzitɔwo katã meɖi naneke nɛ o, eye wòwɔa dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye amea ɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o.


Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã.


elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.


Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖua ɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa