Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete dzi ku fia la, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔ hede se be, woawu Babel-nunyalawo katã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:12
14 Mawu Ofanana  

Ke boŋ dziku wua bometsila, eye abunetɔ kuna ɖe ŋuʋaʋã me.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Fia ƒe dziku enye ku ƒe dɔla; ke nunyala faa dzi nɛ.


Fia ƒe nyanyrã le abe dzatavi ƒe gbetete ene; ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe zãmu le gbe dzi ene.


Ŋɔdzi, si le fia ŋu la, le abe dzata ƒe gbetete ene, amesi do adãe la, eto vo ɖe eya ŋutɔ ƒe agbe ŋu.


Dɔmedzoetɔ dea dzre aƒe, eye dzikutɔ ɖaa vo geɖe.


Tete Daniel yi Aryox, amesi fia la ɖɔ, be wòawo Babel-nunyalawo la gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena; Megawu Babel-nunyalawo o; ke hoŋ kplɔm yi fia la gbɔe, eye maɖe drɔ̃e la gɔme na fia la.


Fia la ɖo ŋu na Kaldeatɔwo gblɔ bena. Tame, si meɖo, enye si: Ne mieli drɔ̃e le eye mieɖe egɔme nam o la, ekema woafli mi kakɛkakɛ, eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo.


Enumake Nehukadnezar ɖe se le dɔmedzoe kple dziku me be, woaɖakplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego vɛ; eye wokplɔ ŋutsu siawo vɛ na fia la.


Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã.


Vɔvɔ̃ do dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, eye wodzo nyanyanya le ŋusẽ, si wonae la ta; ne elɔ̃ la, ewua ame, ne elɔ̃ la, exɔa ame ɖe agbe; ne elɔ̃ la, edoa ame ɖe dzi, eye ne elɔ̃ la, ebɔbɔa ame de anyi.


Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa