Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ame gbogbo siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe tume la anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuawo na ŋukpe kple vlododo mavɔ.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 12:2
19 Mawu Ofanana  

Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo, ke wodoa vlo amesi ƒe nya medzea to o.


Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.


Eye woaɖo ayi, be woakpɔ amesiwo dze go ɖem la ƒe kukuwo; elabena woƒe nyẽwo maku o, woƒe dzo ma tsi o, eye woanye ŋunyɔ na ŋutilãwo katã.


Ke Yehowa, nye kalẽtɔ sesẽ, li kplim, eyata yonyemetilawo adze anyi, eye woƒe alɔ made dzi o, ŋu akpe wo, elabena womedze aye o, ŋukpe mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ o la, wòanye


Eyata gblɔ nya ɖi nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nye dukɔ, kpɔ ɖa, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, mana miado atso miaƒe yɔdowo me, eye makplɔ mi ayi miaƒe anyigba dzi.


Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


eye mɔkpɔkpɔ, si le asinye na Mawu la, le woa ŋutɔwo hã si bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.


Alo zemela mekpɔa ŋusẽ ɖe tsu dzi bena, wòatsɔ anyi, si wonyã la ƒe ɖe amè ze, si ŋu bubu le la, eye wòagatsɔ eƒe ɖe hã amè ze, si ŋu bubu mele o lae mahã?


Elabena ne miexɔnɛ sena bena, Kristo ku, eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii.


Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa