Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 12:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke wò la heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo, gbɔ ɖe eme, eye nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 “Ke wò la, lé wò mɔ ɖe asi va se ɖe nuwuwu. Wò la, àdzudzɔ, eye le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la, àtsi tsitre, eye nàxɔ domenyinu si nye wò gome.”

Onani mutuwo Koperani




Daniel 12:13
16 Mawu Ofanana  

Eyata ame vɔ̃ɖiwo manɔ te le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye nuvɔ̃wɔlawo mana te ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.


Yehowa enye nye domenyinu kple nye kplu me nu; ele nye dzidzenu de asi.


Eyata nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye bubu le aseye tsom, nye ŋutilã hã anɔ anyi dedie.


Eɖo ŋu bena: Nye ŋutɔ manɔ, me akplɔ mi ayi afisi miagbɔ ɖe eme le la.


Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.


Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne ézɔ nye mɔwo dzi, eye nèlé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, énɔ nye aƒe nu, eye nèlé ŋku ɖe nye xɔxɔnuwo ŋu la, ekema maɖe mɔ na wò nazɔ amesiwo tsi tre ɖi la dome.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.


Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la.


eye mi amesiwo kpo xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me


Eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Ŋlɔ bena: Woayra ame kuku, siwo ku le Aƒetɔ la me tso esia dzi heyina: ẽ, Gbɔgbɔ la gblɔ bena, woadzudzɔ wo dokui tso woƒe agbagbadzedzewo me, elabena woƒe dɔwɔwɔwo dze wo yome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa