Daniel 11:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19136 Le ƒea ɖewo megbe la woaɖu dzo kple wo nɔewo, eye dziehefia ƒe vinyɔnu ayi anyiebefia gbɔ, ne wòaɖe ŋutifafa aƒe; ke ŋusẽ manɔ eƒe alɔ ŋu o, eye eya kple eƒe alɔ mali ke o, ke boŋ woatsɔ eya kple amesiwo kplɔe ɖo, kple edzila kpakple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃ aɖe asi le ɣemaɣi. Onani mutuwoAgbenya La6 Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi. Onani mutuwo |