Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 Atu eƒe fiagbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyui la dome. Ke hã la, eƒe nuwuwu aɖo eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:45
29 Mawu Ofanana  

Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi.


Eye ava me, ne Aƒetɔ la awu eƒe dɔwo katã nu ɖe Zion-to la kple Yerusalem ŋu vɔ la, atu Asur-fia ƒe dada ƒe kutsetse kpakple eƒe dadaŋku ƒe adegbeƒoƒo ŋu fe nɛ.


Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa xa anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.


Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake;


Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.


Eye woava me be, woaku kpẽ gã la, eye amesiwo bu ɖe Asur-nyigba dzi kple amesiwo wonyã de gbe ɖe Egipte-nyigba dzi la, ava ado gbe ɖa le Yehowa ŋku me le to kokoe la dzi le Yerusalem.


Amegãxi kple alẽvi woaɖu gbe le wo nɔewo gbɔ, dzata aɖu gbe abe nyi ene, eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, Yehowa ye gblɔe!


ne woakplɔ mia nɔviwo katã tso dukɔwo katã dome aɖo sɔwo dzi kple tasiaɖam kple apakawo me kple tedzisɔwo kple kposɔwo dzi abe nuɖuvɔsa ene na Yehowa ahava Yerusalem le nye to kɔkɔe la dzi, abe alesi Israel-viwo tsɔa nuɖuvɔsa dea nu dzadzɛwo me vaa Yehowa ƒe mee ene, Yehowa ye gblɔe!


Mable nuwo, eye malé wò alɔnu akplɔ wò atso anyiehe kekeake ava Israel-towo dzi.


Amesi ho ɖe eŋu la, awɔ nu alesi dze eŋu, eye amea ɖeke manɔ te ɖe enu o; ava tɔ ɖe anyigba nyo la dzi, eye eƒe asi agblẽ nu.


Ava anyigba nyo la dzi, eye ame nanewo atsi aʋa; ke Edom, Moab kple Amon-viwo ƒe ame ŋkutawo asi le enu.


Ase nya tso ɣedzeƒe kple anyiehe wòado ŋɔdzi nɛ, eye wòaho kple dziku gã, be wòagblẽ ame geɖewo atsrɔ wo.


Ale gayibɔ kple tsu, akɔbli, klosalo kple sika wogbã gudugudu, eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene, ya kplɔ wo dzoe, eye womegakpɔ wo teƒe o; ke kpe, si dze legbaa dzi la, zu to gãa de hexɔ anyigba blibo la dzi.


Eye woaɖi ʋɔnu axɔ dziɖuɖu la le esi, eye woagblẽe ahatsrɔ̃e gbiɖigbiɖi.


Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.


Aƒetɔ, wò dɔmedzoe kple wò dziku nedzo ɖa le wò ɖu Yerusalem, wò to kɔkɔe la ŋu le wò dzɔdzɔenyenye blibo la ta; elabena miaƒe nuvɔ̃wo kple mía fofowo ƒe vodadawo ta Yerusalem kple wò dukɔ la zu alɔmeɖenu na amesiwo katã ƒo xlã mí la ɖo.


Esi megale nuƒoƒo dzi, mele gbe dom ɖa, mele nye nuvɔ̃wo kple nye dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le koko ƒom na Yehowa, nye Mawu la, ɖe nye Mawu ƒe to kɔkɔe la ta,


Maɖe anyiehetɔ la ɖa le mia ŋu, ahanyãe aɖo ɖe kuɖinyigba dzi kple gbegbe, atrɔ ta ade ɣedzeƒeƒu, eye wòatrɔ agɔmegbɔ ade ɣetoɖoƒeƒu, eye wòaƒaƒã anɔ ʋeʋẽm, elabena ewo nu eteƒe mekɔ o.


Eye ɖukɔ geɖewo atso agblɔ bena: „Mina míayi Yehowaƒe to la kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!“ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Le ɣemaɣi la tsi gbagbe asi atso Yerusalem, eƒe afãaɖotaɣe-dzeƒeƒu la me, eye afã ado fa ɣe-foɖoƒeƒu la me le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.


Eye liƒo la nanyè kpo tso Azmon ɖe Egipte-tɔʋu la ŋu ava wu nu ɖe ƒu la nu.


amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.


eye tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe vava ƒe ɖeɖefia la me.


Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.


Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka.


Eye woyi anyigba la ƒe gbadzaƒe, eye woɖe to ɖe ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lolo la ŋu, eye dzo hlẽ tso dziƒo va fiã wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa