42 Ado eƒe asi ɖa ɖe anyigbawo ŋu, eye womaɖe Egipte-nyigba o.
42 Eƒe ŋusẽ akeke ɖe dukɔ geɖewo dzi. Egiptenyigba hã mato le eme o.
magaɖo Egiptetɔwo te, eye mana woatrɔ agbɔ va Patros-nyigba, si nye wo denyigba la dzi, eye woanye fiaɖuƒe suea ɖe le afima.
Ava anyigba nyo la dzi, eye ame nanewo atsi aʋa; ke Edom, Moab kple Amon-viwo ƒe ame ŋkutawo asi le enu.
Egipte ƒe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple nu veviwo katã anɔ esi me, eye Libitɔwo kple Kusitɔwo anɔ eye me.
Ke anyigba dzi ƒomeawo ɖometɔ; si meyi Yerusalem, be yeaɖe ta agu na fia Yehowa Zebaot o la, tsi madza nɛ o.
Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.