Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne enya do ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, eye woamãe ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, menye na eƒe dzidzimeviwo o, eye menye ɖe ŋusẽ, si wòtsɔ ɖu dzii la nu o; ke hoŋ woagbã eƒe fiaɖuƒe la atsɔ na ame bubuwo, eye menye na woawo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ne eva zi dzi teti ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, amae ɖe dziƒoya eneawo dzi. Fiaɖuƒe la manɔ anyi na eƒe dzidzimeviwo alo wòawɔ ŋusẽ si le esi la ŋu dɔ o, elabena woaxɔ eƒe fiaɖuƒe la atsɔ ana ame bubuwo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:4
24 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Ke ne meho wo ɖa megbe la, magakpɔ nublanui na wo, eye mana amesiame nagbugbɔ ayi eƒe domenyinu gbɔ, eye amesiame nayi eƒe anyigba dzi.


Ke ne womeɖo to o la, ekema maho dukɔ sia ɖa, eye matsrɔ̃e gbidigbidi, Yehowa ye gblɔe.


Fifia meƒo nu kple dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe, be mahoe ɖa, magbãe, eye matsrɔ̃e;


Eye ame kuku balime, dzowɔ balime blibo la kpakple agblewo katã ɖake ɖe Kidron-tɔʋu la nu vaseɖe sɔgbo la ƒe dzogoe dzi anɔ kɔkɔe na Yehowa; womagagblẽe azɔ o, eye womagagbãe aƒu anyi akpɔ gbeɖe o.


Ale nagblɔ nɛ enye si: Yehowa be: Nusi nye ŋutɔ metu la, magbãe aƒu anyi, eye nusi medo la, mahoe ɖa, anyigba blibo la dzi wòava;


Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe go eneawo dzi ava ƒo ɖe Elam dzi, maka wo ahlẽ ɖe ya siawo katã me, eye dukɔa ɖeke manɔ anyi, si dome Elam ƒe amewo makaka ɖo o.


Tete wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi do ɖe gbɔgbɔ, amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na gbɔgbɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbɔgbɔ tso ya eneawo gbɔ nava, agbɔ ɖe ame kuku siawo me, ne woagbã agbe!


Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu.


Eyome meɖo ŋku anyi hekpɔ lã bubu wòɖi lãkle, eye wòto aʋala ene ɖe mẽdome abe xevi ene; lã la to ta ene, eye wona ŋusẽe.


Meɖe ŋku ɖe dzoawo, eye kpɔ ɖa, dzo suea ɖe to ɖe wo domee, dzo sia to ŋku abe amegbetɔ ƒe ŋku ene, eye nu, si gblɔa nya gãwo la, li nɛ; eye wotu eƒe dzo gbãtɔwo dometɔ etɔ̃.


Eye esi dzo ene to ɖe ŋeŋea teƒe la, egɔme enye; Fiaɖuƒe ene atso dukɔ la me, ke womasesẽ aɖe eya nu o.


Gbɔ̃tsu la kpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o; eye esi ŋusẽ ɖo eŋu la, dzo gã la ŋe, eye dzo kako ene to de eteƒe ɖo ta dziƒo ƒe ya eneawo dzi.


Eye megblɔ bena: Afika nèyina? Eɖo ŋu nam bena; Yerusalem dzidze ge meyina, ne niakpɔ alesi wòkeke kple alesi wòdidii.


Mawudɔla la ɖo ŋu gblɔ nam bena: Woawoe nye dziƒo ƒe ya eneawo, siwo tso, esime wotsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me megbe.


Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o;


Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?


Nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo de atia ɖeke dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa