Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Malé ŋku de fofoawo ƒe mawuwo ŋu o, eye malé ŋku de nyɔnuwo ƒe nu malɔ̃nugbɔa kple mawu sia mawu ŋu o, ke boŋ atɔ asi akɔ ɖe nusianu ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

37 Made bubu aɖeke fofoawo ƒe mawuwo, ame siwo nyɔnuwo dina vevie loo alo ade bubu mawu bubu aɖeke ŋu o, ke boŋ akɔ eɖokui ɖe dzi wu wo katã.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:37
14 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.


ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.


Wò nu me nenye wen nyuitɔ, si ato nuyi kple aɖu dzi na nye lɔlɔ̃tɔ wɔli.


Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake;


malia alilikpowo ta me, eye mia kple dziƒoʋĩtɔ la mianɔ tasɔsɔ me.


Amevi, mele ku kpatakpata tsɔ ge aɖe nusi vivia wò ŋku nu la ɖa; megaxa nu o, megata avi o, eye wò aɖatsi megado o.


Amevi, gblɔna Tiro-amegã be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wò dzi le dadam, eye nele gbɔgblɔm be, Mawu yenye, eye Mawu ƒe nɔƒe yele le atsiaƒu titina, eye nèwɔ wò dzi abe Mawu to ene, evɔ wònye amegbetɔ nènye, eye menye Mawu o la, —


Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge.


Asuhɔ mawu, si le mɔ sesẽwo me la, ɖe wo teƒe, eye wòatsɔ sika kple klosalo, kpe xɔesiwo kple nu veviwo asubɔ mawu, si fofoawo menya o.


Edo eɖokui de dzi de aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


eye nekpɔ nyɔnu dzetugbea ɖe la aboyomeawo dome, eye nèlɔ̃e heɖee wòzu srɔ̃wò la,


eye wogblɔ bena: Yehowa, mía Mawu, na miekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye, eye miese eƒe gbe tso dzo la me; egbe miekpɔ bena, Mawu ƒo nu kple amegbetɔ tso wogale agbe.


amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.


amesiwo xea mɔ na srɔ̃ɖeɖe, eye wogblɔna be, woatsri nuɖuɖu, siwo Mawu wɔ, bena amesiwo xɔe se, eye wodze si nyateƒe la, naɖu kple akpedada la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa