Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Le woƒe alɔ ƒe toyiyi me la woaxɔ na wo vie, eye ame geɖewo atsɔ numevivi aku ɖe wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 Ne wodze anyi la, woakpe ɖe wo ŋu vie eye ame geɖe siwo metoa nyateƒe o la aku ɖe wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:34
22 Mawu Ofanana  

Ame ɖigbɔa ɖe axɔ ɖe efeƒe, amesi ŋu womeɖo fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖo o, ke aƒo ɖe anyi le vo me, eye wòatsa numevivinyawo axɔ fiaɖuɖu lae.


Atsɔ numevivi able amesiwo to vo ɖe nubablaa ŋu la nui; ke amesiwo dze si woƒe Mawu la, alé dzi ɖe ƒo awɔ nu ade goe.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


Ke wowɔe le aʋatsonɔvia ɖewo, siwo be va tra ɖe eme, bene woatsa ŋku miaƒe ablɔɖenyenye, si le mía si le Kristo Yesu me la me, bene yewoawɔ mí kluviwo ƒã la ŋuti,


Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu.


amesiwo nu wòle be, woatsi nya ɖo, amesiwo trɔ ƒome blibo geɖewo ƒe tame hele nu dzodzrowo fiãm le viɖe ƒoɖi ta.


Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.


Woawo la xexeame wotso, eyata woƒoa xexeame ƒe nu, eye xexeame ɖoa to wo.


Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.


Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.


Eye esime ʋɔ driba la kpɔ bena, wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu, si dzi ŋutsuvi la yome.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa