Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ado ta me be, yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe aʋakɔwo vɛ; eye wòaɖu dzo kplii ahatsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, ne wòagblẽ anyigba la; ke mava me o, eye medze edzi nɛ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Adze agbagba be yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe la ƒe aʋakɔ la katã vɛ ahanyi dzo kple Dziehefia eye wòatsɔ via nyɔnu nɛ wòaɖe ale be wòate ŋu amu fiaɖuƒe la aƒu anyi gake eƒe tameɖoɖo sia madze edzi nɛ loo alo akpe ɖe eŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:17
15 Mawu Ofanana  

Ke wometsɔ ga, si woxe ɖe dzidada kple nuvɔ̃wo ta la, va Yehowa ƒe me o; nunɔla wo tɔ wònye.


Tete Yosafat vɔ̃, eye wotsɔ eƒe ŋku ɖo Yehowa didi ŋu, eye wòna woɖe gbe ƒã le Yuda blibo la, be woatsi nu aɖɔ.


Wòe xlẽ nye sisiƒewo, eɖe nye aɖatsiwo wò goe me! Ɖe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?


Tameɖoɖo geɖewo le amegbetɔ ƒe dzi me; ke Yehowa ƒe aɖaŋudede nɔa anyi.


Eye ne woƒu kpo ɖe eŋu, eye wotu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo, be woatsrɔ̃ ame geɖewo la, Farao matsɔ aʋakɔ gã kple ameha geɖe akpe ɖe eŋu le aʋa me o.


Amevi, trɔ mo ɖe Amon-viwo ŋu, eye nagblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu.


Ke wò la tsa gagba nawɔ gagli atso mia kple ɖu la dome, trɔ mo de du la, woaɖe to ɖee, eye naxaxae ɖo; dzesi enye esia na Israel ƒe aƒe la.


Trɔ ŋku me de Yerusalem, si woɖe to ɖo la, eye naɖe abɔ ƒuƒlu agblɔ nya ɖe anyi ɖe eŋuti.


Atrɔ ɖe eƒe anyigba ƒe mɔ̃ sesẽwo ŋu, ke aɖe goglomi adze anyi, eye womagakpɔe azɔ o.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Wo katã wova ɖe ŋutasesẽ ŋu, wotso woƒe ŋkume tu ŋgɔ tẽ, eye weƒo aboyo mewo nu ƒu abe ke ene


Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna.


Amesi ke mele dzinye o la, eya tsi tre ɖe ŋunye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, ekana hlẽna.


Ke eva ve me, esime ŋkekeawo le enu wu ge be, woakɔe ayi dziƒo la, eya ŋutɔ tsɔ eƒe ŋku ɖo Yerusalem yiyi dzi;


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa