Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Amesi ho ɖe eŋu la, awɔ nu alesi dze eŋu, eye amea ɖeke manɔ te ɖe enu o; ava tɔ ɖe anyigba nyo la dzi, eye eƒe asi agblẽ nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:16
11 Mawu Ofanana  

asi ato Yuda, eye aɖo agbagba vaseɖe ve ke, eye eƒe aʋala, siwo ke la, asa wò anyigba ƒe kekeme. Mawu ti kpli mí!


Megblɔ be: Matso wò aɖo viŋutsu teƒe, eye mana anyigba nyo la wò, si nye domenyinu vevietɔ le dukɔwo dome! Mehe. Yɔm be ye fofo, eye megatrɔ le yonyeme o.


Eye fia sẽŋua ɖe ado ahatsɔ ŋusẽ gã aɖu dzii, eye wòawo nusi dze eŋu.


Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge.


Ava anyigba nyo la dzi, eye ame nanewo atsi aʋa; ke Edom, Moab kple Amon-viwo ƒe ame ŋkutawo asi le enu.


Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o.


Vɔvɔ̃ do dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, eye wodzo nyanyanya le ŋusẽ, si wonae la ta; ne elɔ̃ la, ewua ame, ne elɔ̃ la, exɔa ame ɖe agbe; ne elɔ̃ la, edoa ame ɖe dzi, eye ne elɔ̃ la, ebɔbɔa ame de anyi.


Mekpɔ agbo la wòle dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe gome, eye lãa ɖeke menɔ te ɖe enu o, amea ɖeke mete ŋu xɔ ame le esi me o, ewɔ alesi dze eŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o.


Mekpɔe wòɖo agbo la gbɔ, dzi kui ɖe eŋu, eye wòtu dzo agbo la heŋe eƒe dzo eveawo, eye ŋusẽ mele agbo la ŋu, ne wòanɔ te ɖe enu o; etutui ƒu anyi henyã avuzi le edzi, eye amea ɖeke mexɔ agbo la le esi me o.


Dzo suea ɖe to tso wo dometɔ ɖeka me, eye wòlolo ŋutɔ ɖo la dziehe kple ɣedzeƒe gome kpakple anyigba nyo la gbɔ.


Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa