Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne aʋakɔawo ho la, eƒe dzi ado eɖokui de dzi, atsrɔ̃ ame akpe nanewo, ke maɖu dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Dziehefia ayɔ fũu kple dada nenye be woɖe aboyo Anyiehefia ƒe aʋakɔwo eye woawu ame akpewo gake maɖu dzi ɖaa o,

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:12
19 Mawu Ofanana  

Esi Edomtɔwo, eyata dzi ɖo ƒowò. Wò bubu la nenɔ ŋuwò, ne natsi aƒe; nukaŋuti nèbe, yeade ɖokuiwò dzɔgbevɔ̃e me, eye mia kple Yuda siaa míatsi?


Ele bubum be: kpɔ ɖa, mesi Edomtɔwo; eyata dzi ɖo ƒowò, nèle ɖokuiwò dom ɖe dzi. Tsi aƒe, nukaŋuti nèbe, yeade ɖokuiwò dzɔgbevɔ̃e me, eye mia kple Yuda siaa míatsi?


Ke esi ŋusẽ ɖo eŋu la, ede asi dada me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ; meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi.


Ke Xizkiya mezɔ ɖe dɔmenyo, si wòwɔ nɛ la nu o, ke boŋ ede asi dada me, eyata dɔmedzoe va eya kple Yuda kpakple Yerusalem dzi.


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.


Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, ètsɔ wò nunya de aka le wò atsyɔ̃ ta; eyata matsɔ wò aƒu anyi, eye matsɔ wò ade asi na fiawo, ne woakpɔ wò ʋuu keke wòati wo.


Amevi, gblɔna Tiro-amegã be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wò dzi le dadam, eye nele gbɔgblɔm be, Mawu yenye, eye Mawu ƒe nɔƒe yele le atsiaƒu titina, eye nèwɔ wò dzi abe Mawu to ene, evɔ wònye amegbetɔ nènye, eye menye Mawu o la, —


wò nunya geɖe kple wò asitsatsa nètso kpo kesinɔnui kpaŋkpaŋ, eye wò dzi de asi dàda me le wò kesinɔnuawo ta —


Dziehefia anyrã, eye wòaho ãɖawɔ aʋa kple anyiehefia, atsɔ aʋakɔ gãa ɖe adze aʋa ɖe eŋu, eye woatsɔ aʋakɔawo aɖe asi nɛ.


Elabena anyiehefia agaƒo aʋakɔ nu ƒu wòalolo wu gbãlɔ, eye le ƒea ɖewo megbe la ava kple aʋakɔ gã kple aʋawɔnu gede.


Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o.


Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.


hafi nado ɖokuiwò ɖe dzi, eye naŋlɔ Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi la be o;


Menye amesi ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o, bene wòagado eɖokui ɖe dzi, eye wòadze Abosam ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me o.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa