Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi; eye esi mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi la, ŋuzi tsɔm me tsyɔ mo anyi hetsɔ ŋku me bu anyigba.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Tete mesee wònɔ nu ƒom eye esi menɔ to ɖom la, meyi alɔ̃ me ʋĩi le esime metsyɔ mo anyi.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 10:9
11 Mawu Ofanana  

Esi ɣe le to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi me ʋĩ, eye kpɔ ɖa, vɔvɔ̃ lée, eye tsizi do ɖee.


Eye Yehowa Mawu na ame dɔ alɔ̃ yi me ʋĩ, eye wòɖe eƒe agbaƒutiwo dometɔ ɖeka, eye wotsɔ lã ɖo eteƒe.


Le drɔ̃ekuku kple zã me ŋu-tega me, ne amewo yi alɔ̃ me, eye wole alɔ̃ dɔm le aba dzi la,


le zã me ŋutega ƒe tameyiyi me, esime amewo yi alɔ̃ me ʋĩ.


Mele alɔ̃ dɔm, ke nye dzi le ŋute. Mido to, nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! Nɔvinyenyɔnu, xɔnye, nye ahɔne, nye ame dzadzɛ, ʋu ʋɔ nam! Elabena zãmu ƒo tame nam ƒũ, eye nye ɖa me yɔ fu kple dzadza.


Eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔvi la, ka asi nye nuyi ŋu, tete nye nu nu meƒo nu gblɔ na amesi tsi tre ɖe ŋgɔnye la bena: Nye Aƒetɔ, ŋutega la na dzidzi ƒom, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.


Eye esi wole nu ƒom kplim la, ŋuzi tsɔm metsyɔ mo anyi. Tete wòka asi ŋunye hefɔm ɖe tsitrenu ɖe nɔnyeƒe.


Mesee, eye nye dɔme ʋuʋu, nye nuyiwo le ƒoƒom kokóko, eye ŋuɖui ɖo ƒuwo me nam; ne metsi tre ɖi la, menɔa dzodzom nyanyanya, elabena mele anyi nɔ ge kpoo akpɔ hiãɣi, si le dukɔ, si xaxa mí ɖo la dzi va ge.


Eye esi wòtsi tre tso gbedodoɖa me la, eva nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wòkpɔ wo le alɔ̃ dɔm le nuxaxa ta;


Eye alɔ̃ tsɔ Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu la ŋutɔ, ke esi woƒe mo kɔ keŋ la, wokpɔ eƒe ŋutikɔkɔe la kple ŋutsu eve, siwo le tsitre ɖe egbɔ.


Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa