Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 10:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye nye ɖeka ko mesusɔ ɖi hafi kpɔ ŋutega gã sia, ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo ƒe nyonyome trɔ ɖe ƒomevii, eye ŋusẽa ɖeke menɔ ŋunye o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ale nye ɖeka metsi anyi henɔ ŋutega la kpɔm. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo fu kpĩi eye wɔna vɔ le ŋunye.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 10:8
15 Mawu Ofanana  

Eye Yakob na ŋkɔ teƒe la be Pniel, elabena egblɔ be: Mekpɔ Mawu ŋku me kple ŋku me: gake metsi agbe.


Tete Mose gblɔ bena: Mate ɖe eŋu, ne makpɔ nukpekpe gã sia ɖa, nusi ŋuti ŋuve la mele fiefiẽm o ɖo.


Eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔvi la, ka asi nye nuyi ŋu, tete nye nu nu meƒo nu gblɔ na amesi tsi tre ɖe ŋgɔnye la bena: Nye Aƒetɔ, ŋutega la na dzidzi ƒom, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.


Aleke nye aƒetɔ ƒe dɔla ate ŋu aƒo nu kple ame abe wo, nye aƒetɔ, ene? Elabena azɔ ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye gbɔgbɔa ɖeke megale menye o.


Nyaawo seƒe enye si. Ke nye Daniel, nye tamesusuwo do ŋɔdzi nam, eye nye mo fu tititi; eye medzra nyaawo ɖo ɖe nye dzi me.


Nu le nye Daniel ŋu, eye melé dɔ ŋkekea ɖewo; emegbe mefɔ hewɔ fia ƒe dɔwo; eye esi ŋutega la ɖe ga nu nam la, amea ɖeke medze sii o.


Mekpɔe wòɖo agbo la gbɔ, dzi kui ɖe eŋu, eye wòtu dzo agbo la heŋe eƒe dzo eveawo, eye ŋusẽ mele agbo la ŋu, ne wòanɔ te ɖe enu o; etutui ƒu anyi henyã avuzi le edzi, eye amea ɖeke mexɔ agbo la le esi me o.


Mesee, eye nye dɔme ʋuʋu, nye nuyiwo le ƒoƒom kokóko, eye ŋuɖui ɖo ƒuwo me nam; ne metsi tre ɖi la, menɔa dzodzom nyanyanya, elabena mele anyi nɔ ge kpoo akpɔ hiãɣi, si le dukɔ, si xaxa mí ɖo la dzi va ge.


Eye esi nusrɔ̃lawo see la, wotsyɔ mo anyi, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Elabena menya nusi wòagblɔ o, elabena wovɔ̃ ŋutɔ.


Kpɔ ɖa, gaƒoƒo li gbɔna, eye wòde vɔ, bena woaka mi ahlẽ, amesiame ayi ye ŋutɔ tɔ gbɔ, eye miagblẽ nye ɖeka ɖi, hafi menye nye ɖekae li o, elabena Fofo la li kpakplim.


hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o.


Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa