Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 10:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eŋuti ɖi adzagba, eƒe mo le abe dzikedzo ene, eye eƒe ŋkutvo ɖi akakati, eƒe abɔwo kple afɔwo le abe ayawa, si le dzo dam ene, eye eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi le abe amehawo ƒe hoowɔwɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Eƒe ŋutilã nɔ abe adzagba ene, eƒe mo nɔ abe dzikedzo ene, eƒe ŋkuwo nɔ abe akakati bibiwo ene, eƒe abɔwo kple afɔwo nɔ abe akɔbli nyuitɔ si le dzo dam la ene eye eƒe gbe nɔ abe ameha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ene.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 10:6
18 Mawu Ofanana  

eye agbaka enelia nanye krisolit, soham kple yaspis. Eye woatsɔ sika aƒo fefeka ɖe wo ŋu akpe ɖo.


eƒe alɔwo nye sikati mlimɔwo, siwo ŋu woɖo Tarsis-kpewoe; eƒe ƒoɖo enye aɖaŋudɔ, si wotsɔ nyiɖu wɔe, eye wotsɔ safir ɖo atsyɔ̃ ɖe eŋu;


Eye nu gbagbeawo le du dzi tso afi yi afi abe dzikedzo ene.


Tasiaɖamfɔawo ƒe dzedzeme le abe adzagba wotsɔ wɔ wòe ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo, woƒe dzedzeme kple woƒe wɔwɔme sɔ abe ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka le nɔvia me ene.


Eye esi wole yiyim la, mese woƒe aʋalawo me le ɖiɖim abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ, abe ŋusẽkatãtɔ ƒe gbeɖeɖe kple aʋakɔwo ƒe ɣlidodo ene, eye ne wòtɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi.


woƒe atatiwo dze ti, woƒe afɔƒome le abe nyivi tɔ ene, eye wole dzo dam kaŋkaŋ abe ayawa ene.


Eye meɖo ŋku anyi, kpo ɖa, tasiaɖamfɔ ene le Kerubiawo xa, tasiaɖamfɔ ɖeka le Kerubi ɖeka xa, eye tasiaɖamfɔ ɖeka le Kerubi bubu xa; tasiaɖamfɔawo le dzedzem abe adzagba ene.


Esi wòkplɔm va afimae la, kpo ɖa, ŋutsua ɖe le tsi tre ɖe agbo nu, eƒe nɔnɔme le abe akɔbli ene, eye wòlé anazika gbegbe kple dzidzeti ɖe asi.


Eye medo ŋku anyi, kpɔ ɖa, nane le abe ame ene; eƒe ali ƒe anyi me gome le abe dzo ene, eye eƒe ali ƒe dzi me gome ɖi kekeli hele abe sika, si me kɔ keŋkeŋ la ene.


Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?


Eye eƒe kpɔkpɔme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe sno ene;


Eye esime wòle gbe dom ɖa la, eƒe mo ƒe dzedzeme trɔ, eye eƒe awu fu tititi hele dzo dam kaŋkaŋ.


Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ bubua ɖe le ɖiɖim tso dziƒo le alilikpo me, eye anyieʋɔ le eƒe ta me, eye eƒe ŋku me le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene,


eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta, eye ŋkɔŋɔŋlɔ, si amea leke menya o, negbe eya ŋutɔ koe la, le eŋu;


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Tiatira la, ƒe ɖɔla bena: Mawuvi, amesi ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzẽ biabia ene la, eyae gblɔ esiawo bena:


atɔ̃lia nye sardonik, adelia nye sardis, adrelia nye krisolit, enyilia nye beril, asiekelia nye topas, ewolia nye krisopras, wuiɖekɛlia nye hiakint, wuievelia nye ametist.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa