Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 10:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔvi la, ka asi nye nuyi ŋu, tete nye nu nu meƒo nu gblɔ na amesi tsi tre ɖe ŋgɔnye la bena: Nye Aƒetɔ, ŋutega la na dzidzi ƒom, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Kasia, nane si le abe amegbetɔ ene la, ka asi nye nuyiwo ŋu, tete meke nye nu hede asi nuƒoƒo me. Megblɔ na ame si tsi tsitre ɖe gbɔnye la be, “Nye Aƒetɔ, vɔvɔ̃ ɖom le ŋutega la ta eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 10:16
29 Mawu Ofanana  

Tete Mose gblɔ na Yehowa bena: Taflatse, Aƒetɔ, nyemenya nuƒoƒo o, eye esia metso etsɔ kple nyitsɔ alo tso esime nède asi nuƒoƒo me kple wò dɔla o, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o.


Eye wògblɔ bena: Taflatse, Aƒetɔ, ɖi amea ɖe do boŋ.


Elabena dziku geɖe kpe ɖe nunya geɖe ŋu, eye amesi li kɔ sidzedze la, eli kɔ vevesese.


eye wòtsɔe lili nu nam gblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia ka nuyi ŋu na wo, wò vodadawo ɖe ɖa, eye wòlé avu wò nuvɔ̃wo.


Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.


Nane ɖi fiazikpui le dziŋgɔli, si le wo ta me la dzi le abe gbloti ene, eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔ lã, bɔbɔ nɔ nusi ɖi fiazikpuia la dzi.


Ke ne maƒo nu kpli wò la, maʋu nu na wò, eye nagblɔ na wo bena: „Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi.“ Amesi see la, nesee; amesi gbe la, negbe; elabena ƒome sẽto wonye.


Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le fiẽ, hafi ame sisi la nava, eye wòʋu nu nam, hafi wòva le ŋdi; ale nye nu ʋu, eye nyemegazi kpi azɔ o.


Mesee, ke nyemese egɔme o, eye megblɔ bena; Nye aƒetɔ, nusiawo ƒe nuwuwu ɖe?


enye wò fia, amesi tri akɔ, eye ŋusẽ le ŋuwò, wò gãnyenye ɖatɔ dziŋgɔli, eye wò ŋusẽ ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Nye Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye, eye ŋutega, si mekpɔ la, do ŋɔdzi nam.


Nyaawo seƒe enye si. Ke nye Daniel, nye tamesusuwo do ŋɔdzi nam, eye nye mo fu tititi; eye medzra nyaawo ɖo ɖe nye dzi me.


Esi nye Daniel mekpɔ ŋutega sia la, medi be, mase egɔme, eye kpɔ ɖa, amea ɖe le tsitre ɖe ŋgɔnye le abe ŋutsu ene.


Eva afisi metsi tre ɖo, eye esi wova la, dzidzi ƒom metsyɔ mo anyi. Tete wògblɔ nam bena: Amevi, ƒu to anyi, ŋutega sia la, nuwuɣi ŋu wòle ɖo.


Eye esi wole nu ƒom kplim la, ŋuzi tsɔm metsyɔ mo anyi. Tete wòka asi ŋunye hefɔm ɖe tsitrenu ɖe nɔnyeƒe.


Nu le nye Daniel ŋu, eye melé dɔ ŋkekea ɖewo; emegbe mefɔ hewɔ fia ƒe dɔwo; eye esi ŋutega la ɖe ga nu nam la, amea ɖeke medze sii o.


esi megale gbe dom ɖa la, ŋutsu Gabriel, si mekpɔ le ŋutega me tsã la, dzo va gbɔnye le flẽvɔsaɣi.


Eye eƒe nu ke enumake, eye eƒe ade trɔ, eye wòƒo nu le Mawu kafum.


elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.


Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!


Eɖo ŋu be: Gbeɖe, ke boŋ Yehowa ƒe aʋafia menye; azu medo enye si! Tete Yosua tsyo mo anyi hede ta agu, eye wòbiae bena: Nya ka le nye aƒetɔ si na eƒe dɔla?


eye le sikakaɖiti adreawo titina la amea ɖe li, si ɖi amegbetɔvi, edo awu ʋlaya, eye wotsɔ sikalidziblanu bla akɔta.


Tete Manoax ɖe kuku na Yehowa gblɔ bena: Oo Aƒetɔ, na Mawu ƒe ame, si nedɔ ɖa la, nagava mia gbɔ zi ɖeka, ne wòafia nusi míawɔ na ɖevi, si woadzi la mí!


Gideon ɖo ŋu nɛ bena: Tsoo, nye aƒetɔ! Ne Yehowa li kpli mi ɖe, nukaŋuti nusiawo katã dzɔ ɖe mia dzi? Eye afika eƒe nukunu, siwo katã ŋu mía fofowo nɔa dze ɖom le na mí be, Yehowa kplɔ mí tso Egipte la le? Azɔ Yehowa tutu mí ƒu gbe, eye wòtsɔ mí ɖe asi na Midiantɔwo.


Eɖo ŋu nɛ bena: Taflatse, nye aƒetɔ! Nuka tsɔ ge mala ade Israel? Kpɔ ɖa, nye ƒome enye suetɔ le Manase, eye nyee nye dɔmlɔea le tofonye ƒe me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa