15 Eye esi wògblɔ nya siawo nam la, meɖe kɔ to, eye gbɔgblɔ bu ɖem.
15 Esi wònɔ esiawo gblɔm nam la, metsyɔ mo anyi eye nye nu ku.
Gbemagbe woaʋu nu na mia kple ame sisi la siaa, àƒo nu, eye màzi kpi o. Ale nanye kpɔdzidze na wo, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
Eye mana wò aɖe nalé ɖe aŋɔ me na wò kaɖii, ne wò aɖe natu, be magagblɔ tohenya na wo o; elabena ƒome sẽto wonye.
Eye Yehowa ƒe asi va dzinye le fiẽ, hafi ame sisi la nava, eye wòʋu nu nam, hafi wòva le ŋdi; ale nye nu ʋu, eye nyemegazi kpi azɔ o.
Tete mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi; eye esi mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi la, ŋuzi tsɔm me tsyɔ mo anyi hetsɔ ŋku me bu anyigba.
Eye esi wole nu ƒom kplim la, ŋuzi tsɔm metsyɔ mo anyi. Tete wòka asi ŋunye hefɔm ɖe tsitrenu ɖe nɔnyeƒe.
Eye kpɔ ɖa, wò aɖe latu, eye mele ŋute ge aƒo nu o, halase ŋkeke, si dzi nusiawo ava ve me, le esi mèxɔ nye nya, siwo nu woawu le woƒe ɣeyiɣi me la, dzi se o la ŋuti.