Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 10:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Eyi edzi gblɔ be, “Daniel, mègavɔ̃ o. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi esi nèɖo ta me be yease nu gɔme, abɔbɔ ye ɖokui ɖe yeƒe Mawu ƒe ŋkume la, wose wò gbedodoɖawo eye wò gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo tae meva ɖo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 10:12
26 Mawu Ofanana  

Elabena ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe ŋu mim, eye amesiwo le vlo dom wò la, ƒe vlodoame va dzinye.


Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be. Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne woaxɔ na mi.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Wò, nyẽvi Yakob, wò, ha sue Israel, megavɔ̃ o! Makpe ɖe ŋuwò, Yehowa ye gblɔe; wò xɔnametɔ enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


Ekema àyɔ Yehowa, eye woatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si! Ne èɖe ameteteɖeanyi, asifiafia me kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme,


Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Eye wògblɔ nam bena: Wò Daniel, ame malɔ̃nugbɔa, lé to ɖe nya, si gblɔ ge, mala na wò la ŋu, eye natsi tre: ɖe tewòƒe, elabena azɔ wodɔm ɖe gbɔwò! Eye esi wògblɔ nya sia nam le metsi tre ɖi hele dzodzom nyanyanya.


hegblɔ bena: Ame malɔ̃nugbɔa, megavɔ̃ o, ŋuwò nefa, sẽ ŋu, eye nalé dzi de ƒo! Eye esi wòƒo nu kplim, la, agbe do ŋunye, megblɔ bena: Nye aƒetɔ neƒo nu, elabena èdo ŋusẽm!


Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi. Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la míatsi nu ado, eye miawo doa ɖeke o, eɖanye duametɔ alo amedzrovi, si le mia dome o.


Dzudzɔgbe gã wòanye na mi, eye míatsi nu ado; ɖoɖo mavɔ wònye na mi.


Ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke ewolia enye takpegbe kɔkɔe na mi, míatsi nu adɔ, eye miawɔ dɔa ɖeke o.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le.


Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele.


Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa!


Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.


Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Mana! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ.


Eye dɔla la gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Elabena kpɔ ɖa, meva dzidzɔ gã ŋutinya gblɔ ge fia mi, esi lanye na dukɔ blibo la katã;


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ mieʋuʋu, eye nukaŋuti ɖikeke ɖo miaƒe dzi me mahã?


Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.


Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa