Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye fia la do woƒe gbesiagbe nuɖuɖu na wo tso fia ƒe nuɖudu kple wein me, ne woatsɔ anyi woe ƒe eta; emegbe woasubɔ fia la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Fia la naa woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu kple wain wo tso fia la ƒe kplɔ̃ dzi. Woahe wo ƒe etɔ̃ eye le ɣeyiɣi sia megbe la, woazu fia la ƒe subɔlawo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 1:5
14 Mawu Ofanana  

Yosef xɔ ƒe blaetɔ̃, esime wòtsi tre ɖe Egipte-fia Farao ƒe ŋku me. Eye Yosef dzo le Farao gbɔ yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.


Woayra wò amewo, woayra wò dɔla, siwo le tsitre ɖe ŋkuwò me ɖaa, eye wosea wò nunya.


Eye wòxɔ eƒe gbesiagbe nuɖuɖu, si wòhiã gbesiagbe la, tso Babel-fia gbɔ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Woayra wò amewo, woayra wò dɔla, siwo nɔa tsitre ɖe ŋkuwò me ɖaa, eye wosea wò nunya la.


Eƒe nuɖuɖu viviawo megadzro wò o, elabena alakpanuɖuɖu wònye.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Ne ètrɔ ɖe ŋunye la, matrɔ ɖe ŋuwò, eye atsi tre ɖe ŋkunye me. Eye ne eɖe nu nyuiwo ɖe go, menye gbegblẽawo o la, ekema anye nye nu; woawo atrɔ ɖe ŋuwò, ke wòa matrɔ ɖe wo ŋu o.


Eye esi fia la ƒo nu kpli wo la, womekpɔ amea ɖeke le wo katã dome, si de Daniel, Xananya, Misael kple Azarya nu o; eye wosubɔ le fia le ŋku me.


Ke Daniel do de ta me be, yemele fia ƒe nuɖuɖu kple wein tsɔ ge agblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o, eye wòɖe kuku na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, ne yemagagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o.


Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí!


Eye dɔla la ɖo eŋu nɛ bena: Nyee nye Gabriel, si nɔa tsitre ɖe Mawu ŋku me, eye wòdɔm ɖa, be maƒo nu na wò, eye magblɔ nya nyui sia fia wò


Na miaƒe abolo, si asu mia nu gbesiagbe la mi!


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.


Eye Saul ɖo ame ɖo ɖe Isai bena: Na Dawid nanɔ gbɔnye, elabena eƒe nu nyo ŋunye!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa