Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la — ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa nya Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena;
Le Persia-fia Kores ƒe ƒe etɔ̃lia me la woɖe nyaa ɖe fia Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar; nya la nye nyateƒe kple nuxaxa gã; elé nya la ɖe ta me, eye wole ŋku ɖe ŋutega la ŋu.