Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Kolosetɔwo 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me.

Onani mutuwo Koperani




Kolosetɔwo 4:5
15 Mawu Ofanana  

Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nado mía si!


Fia la xɔ edzi gblɔ bena: Medze sii keŋ be, ɣeyiɣi ko dim miele, elabena miekpɔ be, meɖo tame kplikpaa.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Eye wògblɔ na wo bena: Miawo la wona mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣla mi; ke ame mawo, siwo le egodo la, wona nuwo katã wo le lododowo me,


Elabena miaƒe toɖoɖo de amewo katã ƒe to me; eyata dzi le dzɔyem le mia ŋuti, ke mele didim bena, mianye nunyalawo le nu nyui me, ke ame dzadzɛwo ɖe nuvɔ̃ ŋuti.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


bene miazɔ nyuie de amesiwo le egodo la ŋuti, bene naneke nagahiã mi o.


Ke ele ne be, wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo la hã gbɔ, bene wòagadze dzudzu kple Abosam ƒe mɔ̃tetre me o.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Amekae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome mahã? Eya netsɔ agbenɔnɔ nyui fia eƒe dɔwɔwɔwo le nunya ƒe dɔmefafa me.


Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o


Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia dokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne amea ɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nyaa ɖeke magblɔ la naɖe wo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa