Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Kolosetɔwo 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena ne nyemele mia gbɔ ɖe ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me, eye dzi le dzoyem, esi mekpea miaƒe ɖoɖo kple miaƒe Kristo dzixɔse ƒe kelili.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mekpɔ dzidzɔ, elabena miele agbe nɔm nyuie, eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me.

Onani mutuwo Koperani




Kolosetɔwo 2:5
19 Mawu Ofanana  

Numevɔsa la sɔ gbɔ hekpe ɖe akpedavɔsa ƒe amiwo kple numevɔsa ƒe nunovɔsawo ŋuti. Ale wogaɖo Yehowa ƒe aƒe la me subɔsubɔ te dzi.


ke woƒe dzi meku de eŋu tsehe o, eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o.


ne womaganɔ abe wo fofowo, ƒome sẽto dzeaglã, ƒome, si ƒe dzi meli ke o, eye eƒe gbɔgbɔ meku ɖe Mawu ŋu le nyateƒe me o la ene o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Woatsɔ woƒe nunanawo vɛ ɖekaɖeka, be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋui, ŋkeke ɖeka amegã ɖeka.


Eye wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ, abolokaka kple gbedodoɖa me.


hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.


Ke ne ɖa le amea ɖe wum la, neɖu nu le aƒe me, bene miagava kpe ta hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o. Ke ne meva la, maɖo nusiwo susɔ la.


Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwo ŋutsu, eye mise ŋu!


Elabena mele didim be, mianya alesi meʋlina ŋutɔ le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple ame alesi nu mekpɔ ŋkunye me le ŋutilã me o la ta,


Ke míawo la, nɔviwo, esi woɖe mi ɖa tso mia gbɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe le ŋku me — menye le dzi me o la — geɖe wu mieɖo vevie, eye wòdzro mí ŋutɔ bena, míakpɔ mia ŋku me.


elabena azɔ la, ne miawo miele tsitre sesĩe le Aƒetɔ me la, míele agbe.


Elabena míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé miaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu la.


eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ, eye wòyina ɖe xɔmetsovɔ ƒe emelɔƒo la ene,


minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.


Esi wòkpɔ be, eɖoe kplikpaa be, yeayi kplii la, edzudzɔ nyaƒoƒo ɖe enu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa