Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Kolosetɔwo 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Kolosetɔwo 1:9
35 Mawu Ofanana  

Medze nunya wu nye nufialawo katã, elabena wò ɖaseɖiɖiwo nye nye ŋugbledede.


Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye; wò gbɔgbɔ nyui la nekplɔm to anyigba sɔsɔe dzi!


Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.


Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta.


Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.


bena miezu kesinɔtɔwo le nusianu me le eyama me, le nufiafia katã kple sidzedze katã me,


esi wòna wògba go na mí le nunya katã kple aɖaŋudzedze katã me,


Mido nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu la kpɔ,


Eyaŋuti la migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.


menye le ŋku me nuwɔwɔ me abe ameŋudzelawo ene o, ke boŋ abe Kristo ƒe dɔla, siwo woa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu tso dzi me la ene:


ɖaasi le nye kukuɖeɖe, siwo katã meɖena le mi katã mia ta la me, eye metso dzidzo ɖea kuku —


esi va mia gbɔ, abe alesi wòle xexe blibo la katã hã me ene, eye wòtsea ku, eye wotsina, abe alesi wòle le miawo hã mia dome tso ŋkeke ma, si dzi miese, eye miedze si Mawu ƒe amenuveve le nyateƒe me la ene,


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.


Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe!


Esiata hã miedoa gbe ɖa ɖaa le mia ta, bena mía Mawu nabu mi be, miedze yɔyɔ la, eye wòawu dɔmenyonyo ƒe ŋudzedze; katã kple xɔse ƒe do la nu le ŋusẽ me,


Meda akpe na Mawunye ɖaasi, ne meɖoa ŋku dziwò le nye gbedodoɖawo me,


bene wò nuteƒewɔwɔ ƒe hadede nasẽ ŋu hena Kristo Yesu to nu nyui sia nu nyui, si le mía me la sidzedze me?


Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la.


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o


Elabena nenemae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, bena miatsɔ nu nyui wɔwɔ atsi abunetɔwo ƒe numanyamanya la nu,


bena miaganɔ agbe na amewo ƒe nudzodzrowo le ɣeyiɣi, si susɔ be, mianɔ agbe le ŋutilã me la me o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.


Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa