Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Kolosetɔwo 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 abe alesi miesrɔ̃e hã le Epafra, mia hadɔwɔla lɔlɔ̃tɔ, si nye Kristo ƒe subɔla nyateƒetɔ na mi la gbɔ ene;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe,

Onani mutuwo Koperani




Kolosetɔwo 1:7
19 Mawu Ofanana  

Ke menye alea mewɔna na nye dɔla Mose, amesi nye anukwaretɔ le nye aƒe blibo la nu o;


Tete eƒe hadɔtsɔla la dze klo ɖe kuku nɛ gblɔ bena:


Azɔ amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehe, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu: yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!


Eyata medɔ Timoteo, si nye vinye blɔtɔ kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ɖo ɖe mia gbɔ; amesia aɖo ŋku nye mɔ, siwo le Kristo me, abe alesi mele nu fiam le ha sia ha me le afisiati ene la, dzi na mi.


Ke nusi gakpe ɖe eŋuti la, enye bena, wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewolawoe.


Ke ɖetugbiwo la, nyemexɔ asea ɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le wo ŋuti o, gake maɖo aɖaŋu na wo, abe amesi kpɔ nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, bene manye nuteƒewɔla la ene.


Kristo ƒe subɔlawo wònyea? — Mele nu ƒom abe amesi ƒe tame ɖa la ene — Nyee wu: Le agbagbadzedze geɖe wu me, le ƒoƒo geɖe akpa me, le gaxɔmedede geɖe wu me, le ku me agbadre.


eye mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo le Kristo vovɔ̃ me.


Gake la mebu bena, ele vevie be, madɔ nɔvinye Epafrodito, si nye hanyedɔwɔla kple hanyeʋawɔla kple miaƒe apostolo kpakple nye nuhiahiã ƒe dɔla la, aɖo ɖe mi;


Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


Nusiwo katã va dzo ɖe dzinye la, Tixiko, nɔvi lɔlɔ̃tɔ kple subɔla nuteƒewɔla kpakple hadɔwɔla le Aƒetɔ me la, ana mianyae,


eye metso Onesimo, nɔvi nuteƒewɔla lɔlɔ̃tɔ, si tso mia dome la, hã kpe ɖe eŋuti; eye wòana mianya nusiwo katã le afisia.


Ne ètsɔ nusiawo ɖo nɔviawo ŋku me la, anye Yesu Kristo ƒe subɔla nyui, si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze la me.


eye nusiwo nèse tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome la, nu mawo ke natsɔ ade asi na ame wɔnuteƒewo, amesiwo ate ŋu afia nu ame bubuwo hã.


Epafra, hanyegatɔ le Kristo Yesu me,


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


amesi nye nuteƒewɔla na amesi ɖoe, abe alesi Mose hã nye nuteƒewɔla le eƒe aƒe blibo la katã me ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa