Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena made se, eye woaʋuʋu Israel ƒe aƒe la le dukɔwo katã dome, abe alesi woʋuʋua asɔe, eye blikua ɖeke megena ɖe anyigba o ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 “Elabena meɖe gbe, eye matsra Israel ƒe aƒe la le dukɔwo dome abe ale si wotsraa bli kple tsranui ene, ke ku ɖeka gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o.

Onani mutuwo Koperani




Amos 9:9
14 Mawu Ofanana  

Eye ava me le ɣemaɣi be, Yehowa atsa ali aƒo luwo tso tɔsisi la nu vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woata mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.


Ɖe wogbãa lu, si woƒoa aboloe la nyanyanyaa? Womeƒonɛ atraɖi o, wohea tasiaɖamfɔ kple sɔwo toa edzii, ke womegbãnɛ nyanyanya o.


eye eƒe gbɔgbɔ le abe tɔɖɔɖɔ, si me woase ve le ene, ne wòanyè dukɔwo, vaseɖe esime woatsrɔ̃ avɔ, eye woade numega dukɔwo ƒe nu me, si akplɔ wo atrae.


Ne ɖoɖo siawo te ɖa le ŋkunye me la, ekema Israel-ƒome la hã nu atsi, maganye dukɔ le ŋkunye me akpɔ gbeɖe o. Yehowa ye gblɔe.


Yehowa be: Wò, nye dɔla Yakob, megavɔ̃ o; elabena meli kpli wò, eye matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome menyã wò ɖo ɖo la gbidigbidi; ke wò la, nyematsrɔ̃ wò keŋ o; nyemagbe tohehe na wò o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo la nu.


Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe go eneawo dzi ava ƒo ɖe Elam dzi, maka wo ahlẽ ɖe ya siawo katã me, eye dukɔa ɖeke manɔ anyi, si dome Elam ƒe amewo makaka ɖo o.


eye matia aglãdzelawo kple amesiwo trɔ ʋu le yonyeme la, le mia dome; makplɔ wo adzoe tso anyigba, si dzi wonye amedzro le la dzi, ke womade Israel-nyigba dzi o, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mehlẽ wo ɖe anyigbawo dzi; woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo nue medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖo.


Eye woadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu, esi mena woɖe aboyo wo yi dukɔwo dome, eye megaƒo wo nu ƒu ɖe woƒe anyigba dzi, eye nyemegblẽ wo dometɔa ɖeke ɖe afima o ŋuti.


Eyata fofowo aɖu wo viwo le mewo, eye viwo aɖu wo fofowo; madrɔ̃ ʋɔnu wò, eye makaka wò ame mamleawo katã ahlẽ ɖe yawo nu.


Wò akpa etɔ̃liawo ɖeka aku ɖe dɔvɔ̃ nu, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo ɖe mewò; akpa etɔ̃liawo ɖeka atsi yi nu aƒo xlã wò godoo ava kpe, eye makaka akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe yawo katã nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Ke Aƒetɔ la gblɔ bena: Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le mia dim, bena yeagbɔ mi, abe alesi wogbɔa lu ene;


Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme, eye àsubɔ mawu bubu, siwo nye ati kple kpe, eye mia kple fofowòwo mienyã o la, le afima.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa