Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 9:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wɔlawo katã aku ɖe yi nu, wo amesiwo le gbɔgblɔm bena: Dzɔgbevɔ̃e la matu mí o, eye maɖi kpe mí o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Nu vɔ̃ wɔla siwo le nye dukɔ me la atsi yi nu kpe ɖe ame siwo gblɔ be, ‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mía dzi o,’ la ŋu.”

Onani mutuwo Koperani




Amos 9:10
24 Mawu Ofanana  

Egblɔna le eƒe dzi me be: Mawu ƒe ŋku dzo le edzi, eɣla eƒe mo, eye mele ekpɔ ge akpɔ gbeɖegbeɖe o.


Esi afia menye tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi doa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ de nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.


Dzidzi ƒo nuvɔ̃wɔlawo le Zion, ame vɔ̃ɖiwo ƒe lãme ble fu: Mía dometɔ ka anɔ dzo binu gbɔ, eye mia dometɔ ka anɔ dzoxɔxɔ mava gbɔ?


Amesiwo noa gbɔgblɔm bena: Newɔ kabakaba, neƒo du ɖe eƒe dɔ nu, ne míakpɔe; eye Israel ƒe kɔkɔetɔ la ƒe adaŋudede nete va, ne miadze sii.


Miva, ne maɖaku wein ve, eye míano aha muame; etso hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Wole gbɔgblɔm na amesiwo le vlo domem la be: „Eme anyo na mi“, eye wole gbɔgblɔm na amesiwo katã le zɔzɔm ɖe woƒe dzimesesẽ nu la be: „Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mava mia dzi o“.


eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe to na Semaya, Nexelamitɔ la, kple eƒe ƒome; amea ɖeke makpɔtɔ nɛ, si anɔ dukɔ sia dome o, eye makpɔ nyuie, si mawɔ na nye dukɔ la o, Yehowa ye gblɔe; elabena egblɔ aglãdzenya ɖe Yehowa ŋu.


eye matia aglãdzelawo kple amesiwo trɔ ʋu le yonyeme la, le mia dome; makplɔ wo adzoe tso anyigba, si dzi wonye amedzro le la dzi, ke womade Israel-nyigba dzi o, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Baba na mi amesiwo ɖe dzi ɖe anyi le Zion, kple mi amesiwo le Samaria-towo dzi bɔkɔɔ, mi dukɔwo ƒe ame veviwo dome ŋkutatɔwo, amesiwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana!


Mi amesiwo ɖi be, dzɔgbevɔ̃egbe la nate ɖa, eye miele ŋutasesẽ ƒe fiazikpui hem vɛ;


Kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku le fiaduƒe wonuvɔ̃ sia ŋu, eye matsrɔ̃e ɖa tso anyigba dzi; ke ɖeko nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la keŋkeŋ o, Yehowa ye gblɔe.


Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔ-lawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖl le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mia dome oa? Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mele mia, dzi va ge o.


Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?


Ke azɔ la yewole dadalawo kafum; nu vɔ̃ɖi wɔlawo li ke, eye esi wote Mawu kpɔ la, wosi le enu oa?“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa