Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le ŋkeke ma me la mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Aƒetɔ Yehowa be, “Gbe ma gbe la, mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.

Onani mutuwo Koperani




Amos 8:9
18 Mawu Ofanana  

Viviti kpea wo le ŋkeke me, eye wonoa asi tsam le ŋdɔkutsu abe zã me ene.


Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe avũ kple avũtɔwo mana woƒe kekeli naklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli naɖi o.


Miɖe bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu, hafi ne blukɔ nava do, hafi miaƒe afɔ nava kli blukɔ ƒe towo, eye mianɔ mo kpɔm na kekeli, gake wòana woazu tsizi, eye wòana viviti nado.


Nu te vi adre nɔ ŋu, eye eƒe luʋɔ dzo le eme; eƒe ɣe ɖo to le keli me, ŋukpe lée, eye eƒe mo tsi dã; matsɔ eƒe ame susɔeawo ade asi na yi le eƒe futɔwo nu, Yehowa ye gblɔe.


Ne mena nuwò yi la, matsyɔ nu na dziŋgɔli, eye eƒe ɣletiviwo ata ahovɔ; alilikpo atsyɔ ɣe dzi, eye dzinu magaɖi o.


Elabena eya amesi mè towo, eye wòwɔ ya, etoa amegbetɔ ƒe tamesusuwo nɛ, enana agudzedze zua viviti, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo la ŋkɔ enye Yehowa, Mawu Zebaot!


Eya amesi wo atifieŋu kpakple avũ kple avũtɔ, eye wotsɔ blukɔ wɔ ŋdii, ena ŋkeke do viviti abe zã ene, eye wòyɔ atsiaƒu me tsiwo vɛ hetrɔ wo ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa;


Eyata zã ghɔna ɖoɖo ge na ml, miakpɔ ŋutega o; blukɔ le dodo ge na mi, miaka afã o; ɣe aɖo to ɖe nyagblɔɖilawo, eye ŋke-ke anyɔ tsiɖitsiɖi ɖe wo.


Ŋkeke ɖeka kolia anɔ anyi, si le nyanya na Yehowa; ŋkeke kple zã manɔ anyi o, eye kekeli anɔ anyi le flẽwɔɣl.


Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


Ke tso gaƒoƒo adelia dzi la zãdokeli do de anyigba la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Eye esi gaƒoƒo adelia ɖo edzi la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Eye ano gaƒoƒo adelia me la zãdokeli do ɖe anyigba blibo la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi,


Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene.


Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa