Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 8:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ebiam be, “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu nɛ be, “Kusi si yɔ kple atikutsetse ɖiɖiwo.” Yehowa gblɔ nam be, “Israel ƒe ɣeyiɣi de, eya ta nyemagahe woƒe tohehe ɖe megbe azɔ o.”

Onani mutuwo Koperani




Amos 8:2
25 Mawu Ofanana  

Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.


eye woava me na eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le bali wɔnu ta me la, abe gbotsetse, si ɖi, hafi dzomeŋɔli ɖo, esi, ne amea ɖe kpɔe la, mekpɔa ɖoa asi me hafi wòminɛ o la ene.


Ke nye la manɔ Mizpa, ne matsi tre de Kaldeatɔ, siwo ava mía gbɔ la ŋku me. Miawo la miƒo wein, kutsetse kple ami nu ƒu tsɔ ɖe miaƒe nuwo me, eye minɔ miaƒe du, siwo miexɔ la me.


Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?


Wole ŋku ɖem ɖe míaƒe afɔɖeɖe ŋu hã, ale be míaƒe mawo dzi toto zu dɔ; míaƒe nuwuwu tu aƒe, miaƒe ŋkekewo de, elabena míaƒe nuwuwu ɖo.


Eyata gblɔ na wo be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsi nya siawo tɔgbe nu, eye womagagblɔe le Israel azɔ o, ke boŋ gblɔ na wo bena: ɣeyiɣi la kple ŋutegawo katã ƒe nyawo tu aƒe.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe yi ava dziwò, eye matsrɔ̃ amegbetɔ kple lã le dziwò.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, lé nya, siwo katã gblɔ ge mala na wò la, ɖe wò dzi me, eye nase wo kple wò to.


Ke Israel ƒe aƒe la mele to ɖo ge wò o, le esi wogbe toɖoɖom ta; elabena ŋgonu kplala kple dzi kuatri li na Israel ƒe aƒe blibo la.


Nuwuwu gbɔna, nuwuwu gbɔna, efɔ ɖe ŋuwò, kpo ɖa, egbɔna!


Tete wògblɔ nam be: Amevi, ele nusi Israel ƒe aƒe la ƒe ame tsitsiwo dometɔ ɖesiaɖe le wɔwɔm le vivi me le eƒe xɔvi, si me nɔnɔmetatawo le me la kpɔma? Wole gbɔgblɔm be: Yehowa mele mía kpɔm o, Yehowa gblẽ anyigba la ɖi!


Eye wògblɔ nam be: Amevi, èkpɔea? Ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋunyɔnu, siwo wɔm wòle le afisia, mesɔ gbɔ nɛ o, hafi wotsɔ ŋutasesẽ le anyigba dzi yɔm, eye wole dziku dom nam de edzia? Kpɔ ɖa, wotso hahlayɛ le dodom ɖe woƒe ŋɔti nu.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, èle nusi wɔm wole la kpɔma? Ŋunyɔnu gã Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afisia, ne wòatsɔ anyãm ɖa le nye kɔkɔeƒe la ŋu; ke ègale ŋunyɔnu gãwo kpɔ ge.


Tohegbe ɖo, eye teƒeɖogbe ɖɔ, Israel adze sii! Nyagblɔɖila tsi bome, eye amesi si gbɔgbɔ le la, zu tsukunɔ le wò vodada gbogboawo kple fuléle geɖeawo ta.


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nele? Meɖo ŋu bena. Tsumikpee Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Kpo ɖa, mada tsumikpe ɖe Israel-duko la dome, eye nyemagatsɔe akee azɔ o.


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, kutsetse ɖiɖiwo yɔ kusia ɖe fũ.


Baba nam! Elabena ezu nam, abe alesi kutsetsegbeɣi kple weiuxaɣl nu yinae ene: weintsetsea ɖeke meli, ne woaɖu o, eye nye ve me le fiefiẽm ɖe kutsetse ŋgɔgbea ŋu.


Tete wògblɔ nam bena: Nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu bena: Mele agbalẽ toaʋalaa ɖe kpɔm wòdidi abɔklugui blave, eye wòkeke ahɔklugul ewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa