Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 8:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Woanɔ ya mum tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, eye woanɔ tsatsam tso anyiehe yi ɣedzeƒe, ne woadi Yehowa ƒe nya, ke womakpɔe o

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Woatsa tso afii ayi afi mɛ, tso anyiehe ayi ɣedzeƒe, anɔ Yehowa ƒe nya dim be yewoase, gake womakpɔe o.

Onani mutuwo Koperani




Amos 8:12
14 Mawu Ofanana  

Ekema woayɔm, eya nyematɔ o; woadim, ke womakpɔm o.


Fewuɖula le nunya dim ʋuu do kpoa; ke sidzedze le bɔbɔe na nugɔmeselawo.


Ne nyagblɔɖi meli o la, dukɔ tsia bodome; ke ne edzra sea ɖo la, woayrae.


Amevi, ƒo nu kple Israel ame tsitsiwo nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyee miava gbe bia geea? Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ne mana miabia gbem ase akpɔ fi! Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Israel ƒe aƒe, mietsɔ miaƒe legbawo katã gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui, eye mietsɔ miaƒe vɔsanuwo sa vɔe, esime mietsɔ mia viwo to dzo mee vaseɖe egbe tso, hafi nyea mana miabia gbem asea? Metà ɖokuinye ƒe agbe: Nyemana miabia gbem ase akpɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.


Woatsɔ woƒe alẽwo kple nyiwo ayi Yehowa di gee, ke womakpɔe o, elabena eɖe eɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna.


Eye Samuel ɖevi la subɔ Yehowa le Eli gbɔ. Ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o, eye ŋutega kpɔkpɔ mebɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa