Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wòna mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, Aƒetɔ la tsi tre ɖe gli, si dzɔ kã la dzi, eye wòlé tsumikpe ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Emegbe la, egaɖe nu sia fiam: Aƒetɔ la le tsi tsitre ɖe gli si woɖo, wòdzɔ kã la xa, eye glidzidzenu le esi.

Onani mutuwo Koperani




Amos 7:7
13 Mawu Ofanana  

Eye wòkpɔ Yehowa le tsitre ɖe eŋgɔ gblɔ bena: Nye enye Yehowa, fofowò Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu: Anyigba, si dzi nèmlɔ la, màtsɔe ana mia kple wò dzidzimeviwo.


Emegbe wòsi Moabitɔwo, eye wòna womlɔ anyigba, eye wòdzidze wo kple ka; edzidze ka eve be, woawu, eye wòdzidze ka ɖeka be, woanɔ agbe. Ale Moabitɔwo zu Dawid ƒe dɔlawo, siwo dzɔ nu nɛ.


Matsi Samaria ƒe ka kple Axab ƒe aƒe la ƒe kpe ɖe Yerusalem dzi, eye matutu Yerusalem, abe alesi wotutua agba me tsɔna tsyɔ anyi ene.


Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ awɔ dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye nudanu; dzikpe atsrɔ̃ aʋatsositsoƒe la, eye tsi akplɔ bebeƒe la adzoe;


Aluge kple hlɔ̃made anɔ edzi, eye adzexe kple akpaviã atso aƒe ɖe edzi; ada dzidzeka ɖe edzi, be woazu gbegbe kple nudakpe ɖe edzi, be wòazu aƒedo.


Yehowa ɖo be, yeatsrɔ̃ Zion-nyɔnuvi ƒe gli; eda ka, mehe eƒe asi ɖe megbe tso nugbegblẽ me o, eye wona kpoƒuƒu kple gli le nu xam; nu le woa kple eve la siaa ŋu.


Esi wòkplɔm va afimae la, kpo ɖa, ŋutsua ɖe le tsi tre ɖe agbo nu, eƒe nɔnɔme le abe akɔbli ene, eye wòlé anazika gbegbe kple dzidzeti ɖe asi.


Tete wòve Yehowa, eye Aƒetɔ Yehowa gblɔ be: Esia hã mava me o.


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nele? Meɖo ŋu bena. Tsumikpee Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Kpo ɖa, mada tsumikpe ɖe Israel-duko la dome, eye nyemagatsɔe akee azɔ o.


Elabena amekae ado vlo gɔmedzedze nyaŋui? Weakpɔ tsumikpe, si le Zerubabel si la, kple dzidzɔ, wo ame aɖre siawo nye Yehowa ƒe ŋku, siwo le tsatsam le anyigba blibo la dzi.


Eye wotsɔ ayeti, si le abe atitɔɖeŋu ene la, de asi nam hegblɔ bena: Tsi tre, eye nadzidze mawuxɔ la kple mlekpui la kpakple amesiwo doa gbe ɖa le eme la.


Eye amesi le nu ƒom kplim la, lé sikadzidzeti ɖe asi, be yeadzidze du le kple eƒe agboawo kpakple eƒe gli la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa