Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 7:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye megblɔ be: Aƒetɔ Yehowa, dzudzɔ dzro! Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, esi mele ɖeke me o?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ale megblɔ nɛ be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku mègawɔe o, elabena dukɔ sue aɖe ko wònye!” Aleke Yakob ate ŋu anɔ tee?

Onani mutuwo Koperani




Amos 7:5
9 Mawu Ofanana  

èdzudzɔ wò dzikudodowo katã, eye nèɖe asi le wò dziku heliheli la ŋu.


Ɖe menye Yehowa Zebaot ye kpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí o la, anye ne esuso vie ko miele abe Sodom ene, eye míeɖi Gomora!


Elabena ekpɔtɔ vie ko dziku la nu natso, eye nye dɔmedzoe natrɔ ɖe wo ŋu, ne woatsrɔ̃ wo.


Kafukafuha kple dzidzɔkpɔlawo ƒe gbe aɖi le wo dome; mana woadzi ɖe dzi, eye womazu ʋee o, made bubu wo ŋu, eye womaɖi gbɔ o.


Eye wòva me, esime wowu wo, eye nye ɖeka mekpɔtɔ la, metsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe ame susɔeawo katãe nèbe, yeatsrɔ̃, esi nètrɔ̃ wò dziku ƒo ɖe Yerusalem dzia?


Nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa la, nefa avi le akpata kple vɔsamlekpui la domee agblɔ be: Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ, eye megahe ŋukpe va wò domenyinu la dzi, ne dukɔwo nanɔ ahama sim ɖe wo ŋu o. Nukaŋuti woanɔ gbɔgblɔm le dukɔwo dome be: Afika woƒe Mawu le hã?


Elabena amekae ado vlo gɔmedzedze nyaŋui? Weakpɔ tsumikpe, si le Zerubabel si la, kple dzidzɔ, wo ame aɖre siawo nye Yehowa ƒe ŋku, siwo le tsatsam le anyigba blibo la dzi.


Eyata tsɔ dukɔ sia ƒe vodada ke wo le wò amenuveve gã la nu, abe alesi nẽtsɔe ke dukɔ sia tso Egipte ke vaseɖe afisia ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa