Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi woɖu anyigba dzi gbewo vo keŋkeŋ la, megblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, tsɔe ke dzro! Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, esi mele ɖeke me o?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Esi ʋetsuviawo ɖu nukuawo keŋkeŋ vɔ la, medo ɣli be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku, tsɔe ke dzro. Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, elabena enye dukɔ sue aɖe ko?”

Onani mutuwo Koperani




Amos 7:2
20 Mawu Ofanana  

Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woaƒo ɖe gbe gã me.


Eye wonye tsyo anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba megale dzedzem o; woɖu gbe me nu miemiewo katã kple kutsetse, siwo kpetsia tso ɖi, eye aŋgba mumũa ɖeke megale atiwo kple gbe me nu miemiewo dzi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi o.


gblɔ bena: Aƒetɔ, ne eve nunye la, ekema meɖe kuku be, Aƒetɔ ŋutɔ nanɔ mia dome ayi, elabena dukɔ kɔ lialiatɔ wònye, eyata tsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ke mi, eye naxa mí awɔ tɔwòe.


Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la, se Rabsake ƒe nya, siwo eƒe aƒetɔ Asur-fia de esi ɖo ɖa, be wòatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui, eye Yehowa, wò Mawu la, ahe to nɛ le nya, si wose la ta; eyata do gbe ɖa ɖe ame mamlea, siwo li la ta.


Nu evee dzɔ ɖe dziwò, amekae afa na wò? Gbegblẽ kple, tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi, amekae afa akɔ na wò?


Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.


gblɔ na nyagblɔɖila Yeremya bena: Míetsɔ míaƒe kokoƒoƒo bɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le ŋkuwò me: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe mía ta le ame susɔeawo katã ŋuti, elabena mí ame ʋee siawoe kpɔtɔ tso ame gbogboawo dome, abe alesi wò ŋku le mía kpɔmi ene;


Eye wòva me, esi mele nya gblɔm ɖi la, kasia Pelatya, Benaya vi la ku; tete matsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe gblɔ bena: Alele, Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe ame mamleawo nèbe, yeatsrɔ̃a?


Eye wòva me, esime wowu wo, eye nye ɖeka mekpɔtɔ la, metsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe ame susɔeawo katãe nèbe, yeatsrɔ̃, esi nètrɔ̃ wò dziku ƒo ɖe Yerusalem dzia?


Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.


Nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa la, nefa avi le akpata kple vɔsamlekpui la domee agblɔ be: Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ, eye megahe ŋukpe va wò domenyinu la dzi, ne dukɔwo nanɔ ahama sim ɖe wo ŋu o. Nukaŋuti woanɔ gbɔgblɔm le dukɔwo dome be: Afika woƒe Mawu le hã?


Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃: ʋetsuviwo ɖu miaƒe abɔwo kple weingblewo, gbotiwo kple amitiwo; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Eye megblɔ be: Aƒetɔ Yehowa, dzudzɔ dzro! Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, esi mele ɖeke me o?


Elabena amekae ado vlo gɔmedzedze nyaŋui? Weakpɔ tsumikpe, si le Zerubabel si la, kple dzidzɔ, wo ame aɖre siawo nye Yehowa ƒe ŋku, siwo le tsatsam le anyigba blibo la dzi.


Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo atia ɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa