Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 7:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke megagblɔ nya ɖi le Betel azɔ o; elabena fia ƒe kɔkɔeƒe kple fiaɖuƒe ƒe gbedoxɔ wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Mègava ɖe fu na mí kple wò ŋutegakpɔkpɔ ƒe nyawo le Betel, míaƒe toxɔdu, afi si fiaɖuƒe la ƒe gbedoxɔ le o!”

Onani mutuwo Koperani




Amos 7:13
14 Mawu Ofanana  

Etsɔ ɖeka ɖo Betel, eye wòtsɔ evelia ɖo Dan.


Eye Yerobeam ɖo ŋkekenyuie anyi ɖe dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, abe alesi wo dua ŋkekenyuie le Yuda ene, eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Alea wòwɔ le Betel hã, eye wosa vɔ na nyivi, siwo wòwɔ, eye wòɖo amesiwo wòtsɔ ɖo nuxeƒe ƒe nunɔlawoe la, ɖe Betel.


Ke esime Yerobeam le tsitre ɖe vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ la, kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe tso Yuda va Betel le Yehowa ƒe nya la nu.


Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.


amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi!


Nukaŋuti nègblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me be, aƒe sia ano abe Silo ene, eye du sia agba azu aƒedo? Tete dukɔ blibo la ƒo takpli de Yeremya ŋu le Yehowa ƒe me.


Ke miena wein Mawu ƒe kluwo wono, eye miede se na nyagblɔɖilawo gblɔ be: Migagblɔ nya ɖi o!


Gbesigbe mahe to na Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la, mahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã, eye woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyi.


Ke migabia Betel ta se o, migava Gilgal o, eye migayi Beer-Seba o; elabena Gilgal ayi aboyo me, eye Betel atsrɔ̃.


Azɔ se Yehowa ƒe nya! Egblɔ be: Megagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋu o, eye megadudu nyã ƒo ɖi ɖe Isak ƒe aƒe la ŋu o!


Isak ƒe nuxeƒewo azu gbegbe, Israel ƒe kɔkɔefewo azu aƒedo, eye matso yi atso ɖe Yerobeam ƒe aƒe la ŋu.


Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi.


Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa