Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 7:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Amazya gblɔ na Amos, bena: Nukpɔla si yi Yuda-nyigba dzi, gblɔ nya ɖi le gama, ne nakpɔ abolo aɖu le afima.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Amazia ɖo ame dɔdɔwo ɖe Amos be, “Wò, nyagblɔɖila, do go le afi sia! Si nàyi ɖe Yudanyigba dzi, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma be nàkpɔ abolo aɖu.

Onani mutuwo Koperani




Amos 7:12
16 Mawu Ofanana  

Tete dzi ku Asa ɖe nukpɔla la ŋu, eye wòtsɔe de gaxɔ me, elabena dɔme vee ɖe eŋu te nya la ta. Eye Asa sẽ ŋuta le dukɔ la dometɔa ɖewo ŋu ɣemaɣi.


amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi!


Do le avũawo wum vevie, eye womenya ƒoɖiɖi o, lãkplɔvi, siwo mele ɖeke nyam o la, wonye; wo katã wòlé woƒe mɔ, eye wo dometɔ ɖesiaɖe le eƒe viɖe yome dim le goawo katã me.


Mieɖo gum le nye dukɔ la ŋku me le lu asiʋlo ɖeka kple abolo alɔgomedede ɖeka ta, be miawu luʋɔ, siwo medze ku o, eye miaxɔ luʋɔ, siwo dze ku la, ɖe agbe, esime mieka aʋatso na nye dukɔ, si lɔ̃a aʋatsonya sese la.


Ke miena wein Mawu ƒe kluwo wono, eye miede se na nyagblɔɖilawo gblɔ be: Migagblɔ nya ɖi o!


Elabena ale Amos gblɔ esi: Yerobeam aku ɖe yi nu, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.


Esi mia dometɔ ɖeka nahatu agboawo, be miaganɔ dzo dom ɖe nye vɔsamiekpui dzi ɖe yakatsyɔ teƒe o ɖe! Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanua ɖeke dim tso; mia si o, Yehowa. Zebaot ye gblɔe.


Eye kpo ɖa, du blibo la katã do go yi Yesu kpe ge; eye esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me ayi.


Le gaƒoƒo ma me ke farisitɔa ɖewo va gblɔ nɛ bena: Do go, eye nadzo le afisia; elabena Herodes le didim be, yeawu wò.


eye wova la dzi na wo. Eye esi wokplɔ wo do goe la, woɖe kuku bena, woadzo le dua me.


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


Eye amesiwo akpɔtɔ ɖe aƒewò me la, dome ɖesiaɖe ava dze klo ɖe eŋku me, eye woabia ga kple aboloe agblɔ bena. Tsɔm kpe ɖe wò amesiwo le nunɔladɔ wɔm la ŋuti, ne makpɔ abolo aɖu!


Tsã, ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna bena: Mina miayi nukpɔla gbɔ! Elabena amesi woyɔna fifia be nyagblɔɖila la, eya woyɔna tsã be nukpɔla.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa